bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Exodus 8
Exodus 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 9 →
1
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ nàɖagblɔ nɛ be Aƒetɔ be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm.
2
Ne ègbe la, mana akpɔkplɔ nadzi ɖe anyigba la katã dzi abe dɔléle ene.
3
Nil-tɔsisi azu akpɔkplɔ ɖeɖe, eye woaté bìbibi ava wò fiasã me, woage ɖe wò xɔdɔme me, adzo ɖe wò abati dzi. Woabɔ ɖe wò subɔlawo kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woage ɖe wò abolokpowo kple abolodugugbawo me.
4
Akpɔkplɔawo adzo ɖe wò ŋutɔ dziwò, wò dumeviwo kple wò subɔlawo katã dzi, ado kplamatsɛ na mi atraɖii.’ ”
5
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atikplɔ la nado asi ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple táwo dzi, ne akpɔkplɔwo nava Egipte-nyigba la dzi.”
6
Aron do atizɔtia ɖe Egipte-nyigba dzi tsiwo dzi, eye akpɔkplɔwo do va kɔ ɖe anyigba bliboa dzi fũu.
7
Ke Egipte-dzotɔwo hã tsɔ woƒe vivimeŋusẽwo he akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzii.
8
Tete Egipte Fiagã la yɔ Mose kple Aron, eye wògblɔ na wo be: “Mido gbe ɖa na Aƒetɔ ne wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa le nye kple nye dukɔmetɔwo gbɔ, ekema maɖe asi le miaƒe dukɔ la ŋu woayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ.”
9
Mose ɖo eŋu be: “Ele asiwò me. Ɣe ka ɣie maɖe kukua ɖe wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la ta, ne akpɔkplɔawo nadzo le ŋuwò kple miaƒe aƒewo me, eye woanɔ Nil-tɔsisia ɖeɖe ko me ya?”
10
Fiagã la xɔ edzi be: “Doe ɖa etsɔ.” Mose lɔ̃ be: “Yoo. Mawɔ wò gbe dzi ne nànyae be ame aɖeke meli abe Aƒetɔ, mía Mawu la ene o.
11
Wò ŋutɔ kple wò aƒe, ŋuwòmewo kple wò dukɔmeviwo siaa miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me. Nil me ko woasusɔ ɖo.”
12
Mose kple Aron dzo le Fiagã la gbɔ. Mose yi ɖado gbe ɖa na Aƒetɔ le akpɔkplɔ siwo va bɔ̀ ɖee la ŋuti.
13
Aƒetɔ se eƒe gbedodoɖa. Akpɔkplɔawo ku le aƒewo me, xɔxɔnuwo kple agblewo me.
14
Woli kɔ wo fũu ɖi, eye anyigba la katã dzi nɔ ʋeʋẽm kũu.
15
Gake esi Egipte Fiagã la kpɔ be yekpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me la, egasẽ dzime eye abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene la, egbe toɖoɖo Mose kple Aron.
16
Aƒetɔ gagblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti ƒo ke me le anyigba ne wòatrɔ zu muwo le Egipte-nyigba la katã dzi.’ ”
17
Aron tsɔ atizɔtia ƒo anyigba. Tete ke trɔ zu mu sɔŋ bɔ̀ ɖe amewo kple lãwo siaa yome le Egipte-nyigba blibo la dzi.
18
Muawo nye tsyɔ amegbetɔ kple lãwo dzi. Woƒe dzotɔwo hã to vivimemɔwo dzi be yewoawɔ muwo gake womete ŋui o.
19
Wogblɔ na fia la be: “Esia ya la, Mawu ƒe nuwɔwɔ ye.” Ke Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko eye abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene la, egbe toɖoɖo.
20
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Fɔ etsɔ ŋdi kanya naɖalala Egipte Fiagã la. Egbɔna tɔsisi la to. Nàgblɔ nɛ be Aƒetɔ be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu ne woayi aɖasubɔm.
21
Ne ègbe la, mana togbatowo nava ɖe fu na wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la katã. Togbatowo age ɖe miaƒe aƒewo me, eye Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbato ale be ame makpɔ afɔɖoƒe teti hã o.
22
Ke maɖe Gosen-nyigba, afi si nye dukɔa le la le eme. Togbatoawo made afi ma ya o, ne nànya be nyee nye Aƒetɔ le anyigba dzi.
23
Made vovototo nye dukɔ kple wò dukɔ dome. Etsɔ tututu dzesi sia lava eme.’ ”
24
Aƒetɔ wɔ esia. Togbatowo ƒe ha gãwo va kɔ ɖi. Wogba ɖe Egipte Fiagã la ƒe fiasã me, eŋumewo ƒe aƒewo me, woƒe xɔwo me kple Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye togbatowo gblẽ anyigba la dzi.
25
Tete Egipte Fiagã la yɔ Mose kple Aron, eye wògblɔ na wo be: “Enyo, miyi ɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi.”
26
Mose ɖo eŋu nɛ be: “Manyo be míawɔ nenema o, elabe nu siwo míele tsɔtsɔ ge asa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la nye busunu na Egiptetɔwo. Ne míetsɔ nu siwo nye busunu na Egiptetɔwo va le vɔ sam le wo ŋkume ɖe, womaƒu kpe mí oa?
27
Ehiã be míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedadaƒo aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la, abe ale si wòafia mí lae ene.”
28
Ale Egipte Fiagã la be: “Maɖe asi le mia ŋu miayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la le gbedadaƒo. Ke migayi didiƒe akpa o. Miado gbe ɖa ɖe tanye.”
29
Woxɔ edzi nɛ be: “Ne metrɔ le gbɔwò ko maɖe kuku na Aƒetɔ be wòana togbatoawo nadzo etsɔ ɖeka bene Egipte Fiagã la kple eŋumewo kpakple dukɔa me tɔwo navo tso wo si me. Ɖeko Fiagã la negablem eye wòagagbe be yemaɖe asi le dukɔ la ŋu ne woaɖasa wɔ na Aƒetɔ o.”
30
Mose dzo le Egipte Fiagã la gbɔ, eye wòɖado gbe ɖa na Aƒetɔ.
31
Aƒetɔ wɔ Mose ƒe nya dzi, eye wòɖe togbatoawo ɖa le fiagã la kple eŋumewo kpakple dukɔa dome. Ɖeka pɛ hã mesusɔ o.
32
Gake Egipte Fiagã la gasẽ dzime fifia hã, egbe meɖe asi le dukɔ la ŋu wodzo o.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40