bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 10
Proverbs 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 11 →
1
Salomo ƒe lododowoe nye esiawo: Vi nyanu doa dzidzɔ na tɔ́a; ke vi tsibome nye nuxaxa na nɔa.
2
Kesinɔnu si wokpɔ to nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me meɖea vi o; ke nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea ame tso ku me.
3
Aƒetɔ menana be dɔ wua ame dzɔdzɔe o, ke exea mɔ na ame vɔ̃ɖi ƒe nudidi.
4
Alɔ gblɔdɔ wɔwɔ nana be wodaa ahe, ke veviedonula ƒe asi hea kesinɔnu vɛ.
5
Vi si ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanu ye; ke vi si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi doŋukpeame ye.
6
Yayra nɔa ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi, ke ŋutasesẽ bèna ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe nu me.
7
Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi nye yayra, ke ame vɔ̃ɖi ŋkɔ anyunyɔ.
8
Ame si nunya le ta gbɔ na la wɔa se dzi; ke bometsila nu kpoloe ƒola dzea gbegblẽ me.
9
Ame si nɔa agbe fɔɖiɖi manɔmee la, nɔna dedie; ke nu fitifiti wɔla ƒe nya dzea go.
10
Ame si miaa ŋku ɖe ame la hea masɔmasɔ vanɛ, ke ame si kaa mo na ame vɔvɔ̃ manɔmee la, wɔa ŋutifafa.
11
Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo; ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu ɣlaa ŋutasesẽ.
12
Fuléle hea dzre vɛ, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
13
Wokpɔa nunya le nugɔmesela ƒe nuƒo me; ke ameƒotie dze na ame manyanu ƒe dzime.
14
Nunyala ƒoa ƒu sidzedze ɖi; ke bometsila ƒe nuƒo blóbloblo gogo gbegblẽ.
15
Hotɔ ƒe du sesẽ nye eƒe kesinɔnu; ke hiãtɔ ƒe ahedada nye eƒe tsɔtsrɔ̃.
16
Ame dzɔdzɔe tsɔa eƒe fetu nɔa agbee; ke ame vɔ̃ɖi tsɔa eƒe viɖe wɔa nuvɔ̃e.
17
Ame si lɔ̃a nufiame, le agbemɔ dzi; ke ame si gbe mokaname la traa mɔ.
18
Ame si ɣla fuléle la alakpatɔ wònye, eye ame si kaa aʋatso ɖe ame si la, movitɔ ye.
19
Nya tatra megbea nuƒo vivivo me o; ke ame si kpɔa eƒe nu dzi la, nunyala ye.
20
Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe la, klosalo dzadzɛtɔ ye; ame vɔ̃ɖi ƒe susu ya meɖi naneke o.
21
Ame dzɔdzɔe ƒe nuƒo nyia ame geɖe, ke susumanɔamesi wua bometsilawo.
22
Aƒetɔ ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, dagbadagba manɔmee.
23
Nu vlo wɔwɔ nye fefe ko na bometsila la; ke nu wɔwɔ ɖe nunya me doa dzidzɔ na nugɔmesela.
24
Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi. Ke ame dzɔdzɔe ƒe didi ya vaa eme nɛ.
25
Ne ahom tu la, ame vɔ̃ɖiwo nu yina; ke ame dzɔdzɔewo ya lia ke tegbee.
26
Ale si aha tsitsi nyɔa aɖui, eye dzudzɔ yɔa ŋkui la, nenema kuviatɔ le na ame si dɔ dɔe la.
27
Aƒetɔ -vɔvɔ̃e dzia agbe ɖe edzi; ke ame vɔ̃ɖi ƒe ƒèwo nu tsona kpo!
28
Dzidzɔe nye ame dzɔdzɔe ƒe mɔkpɔkpɔ; ke ame vɔ̃ɖi ƒe ŋuɖoɖo zua dzodzro.
29
Aƒetɔ nye mɔ́ sesẽ na fɔmaɖila; ke ehea gbegblẽ vaa nu vlo wɔlawo dzi.
30
Womaɖe ame dzɔdzɔe ɖa le enɔƒe akpɔ o; ke ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o.
31
Nunya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me; ke alakpaɖe ya, woalãe ɖa.
32
Ame dzɔdzɔe ƒe numenya sɔa to me; ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu nye alakpago.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31