bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 7
Proverbs 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 8 →
1
Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi, eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.
2
Lé nye sededewo me ɖe asi, ne nànɔ agbe. Lé be na nye nufiame abe wò gadaglamakui ene.
3
Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu; ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi.
4
Gblɔ na nunya be: “Wòe nye nɔvinye nyɔnu,” eye nàyɔ gɔmesese be xɔlɔ̃ vevi,
5
bene woaɖe wò tso nyɔnu dzeha, gbolo, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.
6
Menɔ nye xɔ ƒe fesre nu, le nu kpɔm to adzrala me.
7
Mekpɔ movitɔ aɖewo. Tete nye ŋku kli ɖekakpui susumanɔsitɔ aɖe le wo dome.
8
Ezɔ to mɔ si le nyɔnu aɖe ƒe dzogoe dzi yina, eye wòzɔ ɖo ta eƒe aƒe gbɔ.
9
Fiẽ me ye, anyigba le tsyɔtsyɔm, eye zã kple blukɔ do vɔ.
10
Kasia nyɔnu aɖe si do awu abe gbolo ene la va do goe. Aye le susu me nɛ.
11
Enye ɣlidola kple ame gbegblẽ, eye eƒe afɔ metɔna ɖe aƒeme o.
12
Kasia, ele mɔ to; kasia, ele asi me; sẽe ko, ede xa ɖe dzogoe dzi.
13
Elé ɖekakpuia, gbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo ŋkume kplalaa, gblɔ nɛ be:
14
“Ele nam be masa vɔ, eye egbea mexe nye adzɔgbeɖefe.
15
Eya ta medo va be mado go wò. Wò ko dim mele vevie; azɔ meke ɖe ŋuwò.
16
Kpɔ ɖa, meɖo kuntru kple abadzivɔ ŋɔŋɔe, si wotsɔ Egipte-ka lɔ̃e la ɖe nye aba dzi.
17
Mewu ami ʋeʋẽe si wotsɔ kotoklobo, dzogbebable kple amiti wɔe la ɖe edzi.
18
Eya ta va míyi. Míano lɔlɔ̃ amu va se ɖe ŋdi; na míawɔ lɔlɔ̃ wòaɖi kɔ na mí.
19
Elabe srɔ̃nye mele aƒe o; eyi mɔdzi.
20
Eyi kple gakotoku; ɣleti asɔ tegblẽe hafi wòagbɔ va aƒe.”
21
Etsɔ eƒe nya ŋanɛwo ble ɖekakpuia nu, eye wòtsɔ amenublenya viviwo lée.
22
Ekplɔ nyɔnua ɖo enumake, abe nyitsu si woyina wuwu ge ene; abe sẽ si zɔ yina mɔ̀ me,
23
va se ɖe esi aŋutrɔ nadrò eƒe dɔka ene. Ele abe xevi si lũ ɖe mɔ̀ dzi, eye menya be yeƒe agbe ƒe seƒee nye ema o ene.
24
Vinyewo, azɔ la, miɖo tom; milé to ɖe nye numenyawo ŋu.
25
Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe nyɔnu sia tɔgbe ŋu o; migatra yi eƒe toƒewo o.
26
Elabe ame siwo wòƒo ƒu anyi la sɔ gbɔ; ame gbogbo aɖe wòtsrɔ̃.
27
Tsiẽƒe ƒe mɔ to eƒeme; ekplɔa ame gena ɖe ku ƒe xɔdɔmewo me.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31