bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 28
Proverbs 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 29 →
1
Ame aɖeke menyaa ame vɔ̃ɖi ɖe nu hafi wòsína o; ke ame dzɔdzɔe ya ɖea dzi ɖi abe dzata ene.
2
Ne dukɔ da vo la, edziɖulawo sɔa gbɔ; ke to nunyala kpɔnuteƒe dzi la, nuwo gbugbɔna nɔa ɖoɖo nu ɖaa.
3
Ame dahe si tea ame dahewo ɖe anyi la, le abe tsidzadza si megblẽa nuɖuɖu aɖeke ɖi o la ene.
4
Ame siwo gbea nu le se la gbɔ la, kafua ame vɔ̃ɖiwo; ke ame siwo léa sea me ɖe asi la, tsia tre ɖe wo ŋu.
5
Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nya dzɔdzɔe gɔme o; ke ame siwo dia Aƒetɔ la, sea nuwo katã gɔme nyuie.
6
Ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, nyo wu kesinɔtɔ si wɔa nu fitifiti.
7
Ame si léa se la me ɖe asi la, vi nyanue; ke ame si dea ha kple nu tsu ɖulawo la, dea ŋukpe mo na tɔ́a.
8
Ame si tsɔa demexɔxɔ kple gadzìga tsɔna dzia eƒe kesinɔnuwo ɖe edzii la, le kɔ lim nuwo ɖi na ame si wɔa dɔmenyo na ame dahewo.
9
Ame si do toku sea la, eƒe gbedodoɖawo nye ŋunyɔnu.
10
Ame si ble nuteƒewɔlawo yi mɔ vɔ̃ɖi dzii la, eya ŋutɔ age dze do si wòɖe ɖi la me; ke fɔmaɖilawo anyi nu nyui ƒe dome.
11
Kesinɔtɔ bua eɖokui nunyalae; ke ame dahe nugɔmesela kpɔa egɔme.
12
Ne ame dzɔdzɔewo ɖu dzi la, aseyetsotso gã wònyena; ke ne ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ yi dzi la, amewo sína ɖaɣlaa wo ɖokui.
13
Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, nu madze dzi nɛ o; ke ame si ʋu wo me eye wòdzudzɔ wo wɔwɔ la, woakpɔ nublanui nɛ.
14
Yayratɔe nye ame si vɔ̃a Aƒetɔ ɣe sia ɣi; ke ame si sẽ dzime goŋgoŋ la, adze dzɔgbevɔ̃e me.
15
Dziɖula vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la, le abe dzata si le gbe ɖem alo sisiblisi si be yealé nu ene.
16
Dziɖula si si nugɔmesese mele o la, nye ŋutasẽla ameteɖeanyila; ke ame si lé fu amebaba la, anɔ agbe didi.
17
Ame si dzi hlɔ̃fe le la, anɔ sísi dzi va se ɖe eƒe kugbe; ame aɖeke megalée da ɖi o.
18
Ame si wɔa nuteƒe la, woaɖee; ke ame si wɔa nu fitifiti la, age dze do me.
19
Ame si de agble la, nuɖuɖu abɔ ɖe esi fũu; ke ame si tia nu maɖinuwo yome la, eƒe ahedada agadzi ɖe edzi.
20
Yayra anɔ nuteƒewɔla dzi fũu; ke ame si tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.
21
Amedzidede menyo o; ke le abolo kakɛ si ame axɔ ta la, azu vodala.
22
Nuvela tsia dzi ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be hiã le ye dzi va ge o.
23
Mokanamela axɔ akpe emegbe wu numevivila.
24
Ame si da adzo tɔ́a alo nɔa hegblɔ be: “Menye nuvɔ̃ aɖeke o” la, nugblẽlawo xɔlɔ̃ wònye.
25
Ŋuklẽla hea dzre vɛ; ke ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la, eme aganyo nɛ.
26
Ame si ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke ame si zɔna le nunya me la, woaɖee.
27
Ame si naa nu ame dahe la, hiã matui akpɔ o; ke ame si trɔa mo ɖe aga la, woaƒo fi adee.
28
Ne ame vɔ̃ɖiwo tso la, amewo ɣlaa wo ɖokui; ke ne wotsrɔ̃ la, ame dzɔdzɔewo dzina ɖe edzi.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31