bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 20
Proverbs 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 21 →
1
Wain la, fewuɖula ye, aha sesẽ la, dzrehela ye; ame si ke wokplɔ trae la, medze nunya o.
2
Ŋɔdzi si le fia ƒe dɔmedzoe ŋu la le abe dzata ƒe gbetete ene; ame si do dziku nɛ la, bua eƒe agbe.
3
Ame si ƒoa asa na dzre la, dea bubu eɖokui ŋu, ke bometsila ɖe sia ɖe anɔ dzre wɔm.
4
Kuviatɔ medea agble le agbledeɣi o; le nuŋeɣi la, mekpɔa naneke ŋena o.
5
Amegbetɔ ƒe tameɖoɖo le abe tɔ goglo ene; ke nugɔmesela akui.
6
Ame geɖewo gblɔna be yewonye nuteƒewɔlawo; ke anukwaretɔ la, afi ka woakpɔe le?
7
Ame dzɔdzɔe si nɔ agbe fɔɖiɖi manɔmee la, yayra ava emegbeviwo dzi.
8
Fia si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, kpɔa nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzea sii.
9
Ame ka ate ŋu gblɔ be: “Mekɔ nye dzi ŋu; nuvɔ̃ mele ŋunye o”?
10
Amebanudakpe, amebanudzidzenu, wo kple eve la siaa wonye ŋunyɔnu na Aƒetɔ.
11
Ɖevi sue gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be eƒe agbenɔnɔ dza eye wòdzɔ.
12
To senu kple ŋku kpɔnu la, Aƒetɔ ye wɔ wo kple eve la siaa.
13
Mègalɔ̃ alɔ̃dɔdɔ akpa o; àva da ahe. Nɔ ŋu nàwɔ dɔ, ekema nuɖuɖu anɔ asiwò.
14
Nuƒlela gblɔna be: “Menyo o! Menyo o!” Ke ne edzo la, ekafua eɖokui.
15
Sika kple kpe xɔasi geɖewo li ya, ke nu, si ɖea sidzedze gblɔna lae nye atsyɔ̃ɖonu xɔasi.
16
Xɔ ame si de megbe na amedzro ƒe awu le esi nàtsɔ ɖo awɔba ɖe ame tutɔ gbɔ.
17
Abolo si woble ame, xɔ le esi la, vivina na ameblela la; ke emegbe la, kpekui ayɔ nu me nɛ.
18
Wowɔa ɖoɖowo to adaŋudede me; nunya nekplɔ wò le aʋawɔwɔ me.
19
Sakplitɔ tsatsala ʋua go nya ɣaɣla, eya ta mègade ha kple nu kpoloe ƒola o.
20
Ne èƒo fi de tɔ́wo alo nɔwò la, wò akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.
21
Domenyinu si wotsi dzi xɔ le gɔmedzedzea la, yayra manɔ eme le nuwuwu o.
22
Mègagblɔ be: “Maɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe” o; kpɔ Aƒetɔ sinu eye akpe ɖe ŋuwò.
23
Amebanudakpewo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, eye amebanudanu menyo o.
24
Aƒetɔ ye fiaa afɔɖoƒe ame. Ale ke ame ate ŋu ase eya ŋutɔ ƒe mɔ gɔmee?
25
Mɔ̀tetre wònye na ame ɖokui be wòagblɔ tamemabutɔe be: “Eŋu kɔ!” Hafi wòava bu tame le adzɔgbe si wòɖe la ŋu emegbe.
26
Fia nyanu kpɔa ame vɔ̃ɖiwo dzea sii, eye wònana wozɔa wo dzi kple tasiaɖam.
27
Amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ nye Aƒetɔ ƒe akaɖi si klẽna ɖe ememe ke.
28
Nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi kpɔa fia ta, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ léa eƒe fiazikpui ɖe te.
29
Ɖekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ nye woƒe ŋusẽ, ke ame tsitsiwo ƒe bubu nye woƒe wɔƒoƒo.
30
Ƒoƒo si de abi ame ŋu la nyaa vɔ̃ ɖa; nenemae nye ƒoƒo si de lã me ke na ame la hã.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31