bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 21
Proverbs 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 22 →
1
Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Aƒetɔ si me. Afi si wòlɔ̃ la, afi ma wòkplɔnɛ ɖoa tae.
2
Ame ƒe nuwɔnawo katã dzɔna le eya ŋutɔ ŋkume; ke Aƒetɔ ye daa dziwo kpɔna.
3
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ dzea Aƒetɔ ŋu wu vɔsa.
4
Ɖokuiŋudzedze kple ɖokuidodoɖedzi la, ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi si nye nuvɔ̃ la ko wonye.
5
Kutrikula ƒe ɖoɖowo ɖea vi fũu godoo; ke hiã kaa ame si wɔa nu kple dzitsitsi ya godoo.
6
Alakpaɖetsɔtsɔ kpɔ kesinɔnui la, dzudzɔ si nu va yina la kple ku ƒe mɔ̀ wònye.
7
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasesẽ tsrɔ̃a wo elabe wogbe nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
8
Fɔɖila ƒe mɔ glɔ̃; fɔmaɖila wɔa nu dzɔdzɔe.
9
Xɔ ta ƒe dzogoe dzi nɔnɔ nyo wu aƒeme nɔnɔ kple nyɔnu dzrewɔla.
10
Ame vɔ̃ɖi ƒe luʋɔ dia vɔ̃wɔwɔ; ehavi ƒe nu mewɔa nublanui nɛ o.
11
Ne wohe to na fewuɖula la, ame manyanu dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, edzea si nu.
12
Dzɔdzɔetɔ la léa ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒua gbe ɖe gbegblẽ me.
13
Ame si do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, eya hã ava do ɣli, eye womasee nɛ o.
14
Nunana ame le adzame tsia dɔmedzoe nu, eye zãnuxɔxɔ faa adãwɔwɔ nu.
15
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ nye dzidzɔ na ame dzɔdzɔe; ke enye ŋɔdzi na nu madzɔmadzɔ wɔlawo.
16
Ame si tra tso nugɔmesese ƒe mɔ dzi la, aɖagbɔ ɖe eme le ame kukuwo de.
17
Ame si lɔ̃ agbeɖuɖu la, azu hiãtɔ; ame si lɔ̃ wain kple ami la, makpɔ kesinɔnu o.
18
Ame vɔ̃ɖi wotsɔna léa avu ɖe ame dzɔdzɔe nu, eye ame mawɔnuteƒe wotsɔna léa avu ɖe nuteƒewɔlawo nu.
19
Kegbegbenɔnɔ nyo wu nyɔnu dzrewɔla dzikudola gbɔ nɔnɔ.
20
Kesinɔnu vevi kple ami nɔa nunyala ƒeme, ke bometsila gblẽa wo dome.
21
Ame si dia nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ la, akpɔ agbe, dzidzedze kple bubu.
22
Nunyala ge ɖe kalẽtɔwo ƒe du me, eye wòmu mɔ́ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.
23
Ame si kpɔa eƒe nu kple aɖe dzi la, medea eɖokui xaxa me o.
24
Dàdala adegbeƒola si wɔa nu tovo vivivo lae woyɔna be fewuɖula.
25
Kuviatɔ ƒe nudzodzroe wunɛ elabe eƒe asi gbe dɔwɔwɔ.
26
Ame vɔ̃ɖi le ŋukeklẽ dzi ɣe sia ɣi esime ame dzɔdzɔe ya naa nu megbemakpɔtɔe.
27
Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu xoxo; ɖe magavɔ̃ɖi wu nenye be wòtsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi oa?
28
Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃; ke toɖola ƒe nya anɔ anyi ɖaa.
29
Ame vɔ̃ɖi lia mo vɔvɔ̃ manɔmee; ke nuteƒewɔla léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu.
30
Nunya kple nugɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖo aɖeke manɔ te ɖe Aƒetɔ ŋu o.
31
Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu; ke Aƒetɔ si me dziɖuɖu le.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31