bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 14
Proverbs 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 15 →
1
Nunya tsoa eƒe aƒe; ke bometsitsi gbãnɛ kple eya ŋutɔ ƒe asi.
2
Ame si nɔa agbe dzɔdzɔe la vɔ̃a Aƒetɔ; ke ame si nɔa agbe trama la doa vloe.
3
Bometsila ƒe nuƒo nye ameƒoti na eƒe dàda; ke nunyalawo ƒe nuƒo akpɔ wo ta.
4
Ne nyitsuwo meli o la, bli menɔa anyi o, ke agblemenu geɖe kpɔkpɔ tsoa nyitsu ƒe ŋusẽ me.
5
Ɖasefo wɔnuteƒe mekaa aʋatso o; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.
6
Fewuɖula dia nunya doa kpoe; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmesela.
7
Te ɖa le bometsila gbɔ elabe màse nunya le enu o.
8
Aɖaŋudzela ƒe nunyae nye be yease nu si yeawɔ la gɔme; ke bometsila ƒe movidzɔdzɔe nye beble.
9
Mawu ɖea alɔ me le ame vɔ̃ɖiwo ŋu, ke evea nu dzɔdzɔe wɔlawo nu.
10
Ame ŋutɔe nya vevesese si le eƒe dzime, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ kplii o.
11
Ame vɔ̃ɖi ƒe xɔ agbã; ke nuteƒewɔla ƒe agbadɔ akeke ta.
12
Mɔ aɖe li si dzéna mɔ dzɔdzɔe na ame; ke eƒe seƒee nye ku.
13
Ne wole nu kom hã, nuxaxa nɔa dzime; dzidzɔ wua enu kple veve.
14
Tosẽla xɔa eƒe nuwɔnafetu, eye nuteƒewɔla hã xɔa etɔ.
15
Bometsila xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu.
16
Nunyala ɖoa ŋu ɖo, eye wòƒoa asa na vɔ̃; ke bometsila doa adã, eye meléa fɔ ɖe naneke ŋu o.
17
Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la, ɖe wòwɔa lãnu; ke ame si wɔa nu nunyatɔe la, gbɔa dzi ɖi.
18
Lãtɔ ƒe domenyinue nye bometsitsi; ke nunyala ƒe fiakukue nye sidzedze.
19
Ame vlowo dea ta agu na ame nyuiwo, eye ŋutasẽlawo dea ta agu le ame dzɔdzɔewo ƒe agbo nu.
20
Ame dahe ƒe aƒelika gɔ̃ hã léa fui; ke xɔlɔ̃ le kesinɔtɔ si fũu.
21
Ame si doa vlo ehavi la, nye nuvɔ̃wɔla; ke ame si nyoa dɔme na hiãtɔwo la, kpɔa dzidzɔ.
22
Ɖe vɔ̃ɖolawo metra oa? Gake nyuiɖolawo la, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ nye wo tɔ.
23
Kutrikuku ɖe sia ɖe ɖea vi; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã ko vanɛ.
24
Nunyalawo ƒe fiakuku nye woƒe nunya; ke movitɔwo ƒe tablanu nye woƒe bometsitsi.
25
Nyateƒeɖasefo xɔa ame ɖe agbe; ke aʋatsoɖasefo blea ame.
26
Aƒetɔ -vɔvɔ̃ mee ame kpɔa dzideƒo blibo le, eye viawo akpɔ sitsoƒe.
27
Aƒetɔ -vɔvɔ̃ nye agbevudo, eɖea ame tso ku ƒe mɔ̀ me.
28
Fia ƒe atsyɔ̃ le dukɔ ƒe agbɔsɔsɔ me; ke ne ame meli o la, ekema amegãɖuɖu yia to.
29
Ame si medoa dziku kabakaba o la, nugɔmesese bɔ ɖe esi; ame si doa adã kabakaba la, ɖea gbeƒã eƒe bometsitsi.
30
Dzidzeme naa agbe ame, ke ŋuʋaʋã nana be ƒuto me vóna.
31
Ame si te ame dahe ɖe anyi la, dzu eƒe Wɔla; ke ame si nyo dɔme na hiãtɔ la, de bubu eŋu.
32
Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ ƒunɛ anyi, ke ame dzɔdzɔe kpɔa sitsoƒe le eƒe nuteƒewɔwɔ me.
33
Nunya xɔ aƒe ɖe nugɔmesela ƒe susu me; ke mele bometsila ya tɔ me o.
34
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ doa dukɔ ɖe dzi; ke nuvɔ̃ nye ŋukpe na dukɔ ɖe sia ɖe.
35
Fia kpɔa ŋudzedze le subɔla si wɔa nu nunyatɔe la ŋu; ke edoa dziku ɖe ŋukpenanuwɔla ŋu.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31