bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 30
Proverbs 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 31 →
1
Agur, Yake vi, tso Masa, ƒe nyawo. Agur gblɔ na Itiel kple Ukal be:
2
Nyateƒee, medzɔ lã akpa be manye amegbetɔ. Nyemesea nu gɔme abe amegbetɔ ene o.
3
Nyemesrɔ̃ nunya o, eye nyemenya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.
4
Ame kae yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae mia asi ɖe ya dzi kpɔ? Ame kae bla tsi ɖe avɔ me kpɔ? Ame kae ɖo xexea me ƒe mlɔenuwo katã anyi? Eŋkɔ ɖe? Via hã ŋkɔ ɖe? Ẽ, ènyae!
5
Mawu ƒe nya ɖe sia ɖe nye nyateƒe. Enye akpoxɔnu na ame siwo sinɛ tsona.
6
Mègatsɔ nya aɖeke kpe eƒe nyawo o. Ne menye nenema o la, aka mo na wò, eye àzu aʋatsokala.
7
Nu eve biam mele wò: Mègagbe wo nanam hafi maku o:
8
Te amebeble kple aʋatsokaka ɖa sãa tso gbɔnye. Mègana ahedada alo kesinɔnum o; nyim kple nuɖuɖu si mehiã la ko.
9
Ne menye nenema o la, maɖi ƒo ahagbe nu le gbɔwò agblɔ be: “Ame kae nye Aƒetɔ?” Alo mada ahe, ahafi fi, eye maƒo ɖi nye Mawu ŋkɔ.
10
Mègagblɔ dɔla ƒe nya vɔ̃e na eƒe aƒetɔ o. Ne menye nenema o la, dɔlaa ava ƒo fi ade wò, eye woabu wò fɔɖilae.
11
Ame aɖewo li si ƒoa fi dea wo tɔ́, eye womeyraa wo nɔ o.
12
Ame aɖewo li siwo buna be yewodza gake womeklɔa woƒe ɖiƒoƒo ɖa o.
13
Ame aɖewo li siwo to ŋku gã, eye wokɔa woƒe aɖaba dzi dàdatɔe.
14
Ame aɖewo li siwo ƒe aɖuwo nye yiwo, eye woƒe aɖuwo nye hɛwo ne woatsɔ aɖu ame dahewo le anyigba dzi kple hiãtɔwo le amegbetɔwo dome.
15
Vinyɔnu eve le alobo si. Wole ɣli dom be: “Tsɔe vɛ! Tsɔe vɛ!” Nu etɔ̃ meɖia ƒo gbeɖe o; nu ene megblɔna gbeɖe be: “Esu” o:
16
Tsiẽƒe, nyɔnu konɔ ƒe vidzidɔ, anyigba si tsi meɖia kɔ na o kple dzo si megblɔna be: “Esu” o.
17
Ŋku si ɖea alɔ me le tɔ́a ŋu, eye mebua nɔa ɖe naneke me ahaɖo toe o la, bali me akpaviawo ahoe le to me, eye akagawo aɖui.
18
Nu etɔ̃, wɔ nuku nam ŋutɔ; nu ene, nyemese wo gɔme o:
19
hɔ̃ ƒe nuwɔna le dziŋgɔli me; da ƒe zɔzɔ le agakpe dzi; tɔdziʋu ƒe atsiaƒu dzi toto; ŋutsu ƒe toƒe le nyɔnu ŋu.
20
Alea nye nyɔnu ahasitɔ hã ƒe agbe: eɖua nu, tutua nu to, eye wògblɔna be: “Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.”
21
Nu etɔ̃ nana be anyigba ʋuʋuna; nu ene wua tsɔtsɔ nɛ:
22
ne kluvi va zu fia, ne bometsila ɖu nu ɖi ƒo,
23
ne nyɔnu si womelɔ̃ o la va ɖe srɔ̃, ne dɔlanyɔnu va xɔ eƒe aƒenɔ teƒe.
24
Nu ene le sue le anyigba dzi gake wonya nu ale gbegbe:
25
anyidiwo: wonye dukɔ si si ŋusẽ mele o, gake wodia woƒe nuɖuɖu le dzomeŋɔli;
26
hotoklolowo: wonye dukɔ si si ŋusẽ mele o, gake agakpewo me kee wowɔa nɔƒe ɖo;
27
ʋetsuviwo: fia mele wo nu o, gake wo katã wozɔna le ɖoɖo me;
28
adoglowo: woate ŋu alé ɖeka ɖe asi me gake fiasãwo me wonɔna.
29
Nu etɔ̃ zɔa atsyɔ̃zɔli, eye ene ya zɔa fiazɔli:
30
Dzata si nye kalẽtɔ le lãwo dome eye mesína le naneke nu o,
31
koklotsu si klẽ aʋala, gbɔ̃tsu, fia si le zɔzɔm le eƒe aʋakɔ ŋgɔ.
32
Ne ètsi bome le ɖokuiwò dom ɖe dzi, alo nèɖo vɔ̃ ɖe tame la, ɖo asi nu!
33
Elabe ne woƒo notsi la, amie dona, eye ne wofiã ŋɔti sesĩe la, ʋue dona. Ne wodo dɔmedzoe helihelĩ la, dzree dzɔna.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31