bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 31
Proverbs 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
1
Lemuel, Masa-fia, ƒe nufiamenya siwo wòsrɔ̃ le nɔa gbɔ.
2
Oo, vinye! Nye dɔmevi, oo! Oo, nye adzɔgbeɖevi!
3
Mègatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo, alo wò mɔwo nanɔ nyanya na fiatsrɔ̃lawo o.
4
Oo, Lemuel! Menye fiawo ƒe dɔe o; wain nono menyo na fiawo o, dziɖula menoa aha muame o.
5
Elabe ne wonoe la, woaŋlɔ se la be, eye woatrɔ nya dzɔdzɔe ƒe ta atu na ame gblɔewo katã.
6
Mina aha sesẽ ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la; mina wain ame siwo le veve helihelĩ sem la.
7
Wonenoe ne woaŋlɔ woƒe ahedada be; wonenoe ne womagaɖo ŋku woƒe fukpekpewo dzi o.
8
Ƒo nu ɖe ame siwo ƒe aɖe tu la nu, ƒo nu nàʋli ame siwo wote ɖe anyi le nu siwo dze na wo la ta.
9
Ke nu nàtso afia dzɔdzɔe, eye nàxɔ na ame dahewo kple hiãtɔwo.
10
Ame kae akpɔ srɔ̃nyɔnu nyui? Exɔ asi sãa wu dzonu nyuitɔ!
11
Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu; naneke mehiãnɛ o.
12
Ewɔa nyui na ŋutsua, menye vɔ̃ o, le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
13
Edia alẽfu kple anazi, eye wotsɔa eƒe asiwo wɔa dɔe faa kple dzidzɔ.
14
Ele abe asitsalawo ƒe asiʋu ene, eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒewo vɛ.
15
Efɔna xoxoxo hafi ŋu va kena. Enaa nuɖuɖu eƒe aƒemetɔwo, eye wònaa dɔ eƒe dɔlanyɔnuwo wowɔna.
16
Ewɔa susu dia agbledenyigba ƒlena, eye wòtsɔa eƒe dɔwɔwɔ me kutsetse dea waingblee.
17
Etsɔa ŋusẽ blaa ali dzi, eye wodoa ŋusẽ eƒe alɔwo.
18
Edea dzesii be yeƒe asitsatsa ɖea vi na ye. Eƒe akaɖi metsina le zã me o.
19
Eléa ati si ŋu wodoa ɖetifu ɖo la, eye wòléa keke la hã.
20
Eʋua asi me na ame dahewo, eye wòkpena ɖe hiãtɔwo ŋu.
21
Mevɔ̃na ɖe eƒemetɔwo nu, ne vuvɔ le wɔwɔm o, elabe wo katã wotsyɔa kuntru dzĩ.
22
Elɔ̃a kuntru na eɖokui; aklala kple aɖabɛ nye eƒe awuwo.
23
Amewo dze si srɔ̃a le dua ƒe agbowo nu, ne wònɔ anyi ɖe dumemetsitsiwo dome.
24
Etɔa aklalawuwo dzrana, eye asitsalawo xɔa alidziblanu tso egbɔ.
25
Ŋusẽ kple bubu nye eƒe avɔ tsyɔtsyɔ, eye etsɔ si gbɔna la ɖia kokoe nɛ.
26
Eƒoa nu kple nunya, eye dɔmenyo nufiame le eƒe aɖe dzi.
27
Eléa ŋku ɖe nuwo ƒe yiyime ŋu le eƒe aƒeme, eye meɖua kuviabolo o.
28
Viawo tsona heyɔnɛ be: Yayrame; srɔ̃a hã nenema, eye wòkafunɛ be:
29
“Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo nya li ya; ke wò la, èƒo wo katã ta.”
30
Nyonyo la, beblee, eye tugbedzedze la, nu dzodzroe; ke nyɔnu si vɔ̃a Aƒetɔ la, ele be woakafui.
31
Mitsɔ eƒe asinudɔwɔwɔ ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo nekafui le dua ƒe agbowo nu.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31