bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 5
Proverbs 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 6 →
1
Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu; ƒu to anyi ɖe nye nugɔmesese ŋu,
2
bene nàwɔ nu nunyatɔe, eye wò numenya nalé sidzedze ɖe te.
3
Elabe nya si dona le nyɔnu ahasitɔ nu la, le abe anyitsi si le tsyɔtsyɔm la ene, eye eƒe nuƒo zrɔ̃ lalalã wu ami;
4
ke le nuwuwu la, eva vena wu tsa, eye wòɖana abe adekpui nuevee.
5
Eƒe afɔ ɖia abu yia ku gbɔ, eye eƒe afɔtoƒe ɖoa ta tsiẽƒe.
6
Metoa agbemɔ dzi tẽe yina o, etsaa tsa glalã; ke eya ŋutɔ menyana o.
7
Eya ta vinyewo, miɖo tom, eye migate ɖa le nye numenyawo gbɔ o.
8
Miƒo asa na nyɔnu sia tɔgbe! Migagogo eƒe ʋɔtru gɔ̃ hã o,
9
ne menye nenem o la, miatsɔ miaƒe bubu ana ame tutɔwo, miaƒe ƒewo ana ŋutasẽlawo.
10
Ne menye nenema o la, amedzrowo aɖu miaƒe kesinɔnu aɖi ƒo, eye nu si miedagba kpɔ la, ayi ame manyamanya ƒeme.
11
Le wò agbe ƒe nuwuwu, ne wɔna vɔ le wò ŋutilã kple wò ameti bliboa ŋu la, àɖe hũ,
12
agblɔ be: “Ao, melé fu hehexɔxɔ! Nye dzi do vlo mokaname.
13
Megbe nye nufialawo ƒe gbesese; nyemelé to ɖe woƒe nufiame ŋu o.
14
Dzɔgbevɔ̃e ɖi kpem kloe, le ameha siwo ɖi anyi la dome.”
15
No tsi tso wò ŋutɔ wò tsido me; no tsi nyui si le dzidzim tso wò ŋutɔ wò vudo me.
16
Ɖe wò tsidzidziwo agbagba ɖe mɔ mea? Ɖe wò tɔʋuwo atsa le ablɔwo dzia?
17
Na woanye wò ɖeɖe ko tɔ, menye wò kple amedzrowo tɔ o.
18
Wò vudo nanye yayra, eye nàkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
19
Zi nyakpɔ, zinɔ dzetugbe wònye. Na eƒe no nade dzo lã me na wò ɖaa; eƒe lɔlɔ̃ namu wò ɣe sia ɣi.
20
Ke vinye, nu ka ta nyɔnu bubu atɔtɔ wò abe ɖe nèmu aha ene? Nu ka ta nàlé gbolo amia ɖe ɖokuiwò ŋu?
21
Gbetɔ ƒe toƒe le nyanya na Aƒetɔ, eyae taa eƒe mɔwo katã nɛ.
22
Ame vɔ̃ɖi ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwoe lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃woe blanɛ.
23
Hehexɔxɔ manɔmee la, ame ɖe wòkuna, eye bometsitsi vivivo kplɔa ame tranae.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31