bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 17
Proverbs 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 18 →
1
Abolo ƒuƒu ɖuɖu le dzidzeme me nyo wu aƒe si me nuɖuɖu le fũu, eye dzre kpe ɖe eŋu.
2
Kluvi nyanu aɖu amegã ɖe viŋutsu ŋukpenanuwɔla dzi, eye akpɔ gome le domenyinu me abe nɔviŋutsuwo dometɔ ɖeka ene.
3
Wotsɔa sonu ɖe klosalo ŋu, eye wotsɔa dzokpo ɖe sika ŋu; ke Aƒetɔ ye doa dziwo kpɔna.
4
Nu vɔ̃ɖi wɔla léa to ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyagbɔgblɔ ŋu, eye aʋatsokala ƒua to anyi be yease nu baɖa wɔlawo ƒe nya.
5
Ame si ɖea alɔ me le ame dahe ŋu la, doa vlo eƒe Wɔla. Ame si kpɔa dzidzɔ le dzɔgbevɔ̃e ŋu la, matsi tomahe o.
6
Tɔgbuiyɔviwo nye ame tsitsi ƒe fiakuku, eye viŋutsuwo ƒe atsyɔ̃ ye nye vi tɔ́wo.
7
Bometsila megblɔa nya vivi o, eye amegã mekaa aʋatso o.
8
Zãnu le abe akunyakpe ene le enalawo gbɔ; afi sia afi si wòtrɔ ɖo la ekpɔa nu si dim wòle.
9
Ame si tsɔa vɔ̃ kena la nana be lɔlɔ̃ nɔa anyi; ke ame si hea nya xoxo ɖe go la, klãa xɔlɔ̃wo dome.
10
Ne wohe nya ɖe nugɔmesela ŋu la, edea tame nɛ wu ne woƒo bometsila zi alafa.
11
Ame vɔ̃ɖi ƒe didi koe nye be yeadze aglã, eya ta woadɔ dɔla ŋutasẽla ɖe eŋu.
12
Gododo sisiblisinɔ si ŋu woɖe vi le la, nyo wu gododo bometsila si le bometsinu wɔm.
13
Ame si tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe la, dzɔgbevɔ̃e mado le eƒeme o.
14
Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔe ene, eya ta dzudzɔ hafi wòava do gã.
15
Ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi kple ame si bua fɔ ame dzɔdzɔe la, woawo kple eve la siaa nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ.
16
Nu ka ta bometsila lé ga ɖe asi be yeaƒle nunya esime susu mele esi o?
17
Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣe sia ɣi baa; ke nɔvi ya dzɔ be yeaxɔ na ame le xaxaɣi.
18
Ame si lé ehavi ƒe fe nu, eye wòdo ŋugbe be yeaxe fea la, wɔ movinu.
19
Ame si lɔ̃a sedzidada la, lɔ̃a dzrewɔwɔ; ame si de agbo kɔkɔ eƒe mɔ nu la, le gbegblẽ dim.
20
Ame si si alakpadzi le la, makpɔ nu nyui aɖeke o, eye ame si ƒe aɖe metoa mɔ ɖeka o la, age ɖe dzɔgbevɔ̃e me.
21
Viŋutsu si dzɔ lã nye nuxaxa na tɔ́a, eye bometsila tɔ́ mekpɔa dzidzɔ o.
22
Dzi si kpɔa dzidzɔ la, le abe gbedanu nyui ene; ke gbɔgbɔ xanu nana be ƒuwo ƒuna kplakplakpla.
23
Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme, ne yeatrɔ nya dzɔdzɔe ƒe ta atu.
24
Nugɔmesela dia nunya ƒe mɔ; ke bometsila ƒe ŋku le anyigba ƒe seƒe ŋu.
25
Vi tsibome nye nuxaxa na tɔ́a, eye wònana be nɔa si dzii la sea veve.
26
Menyo be woado fe na ame dzɔdzɔe, alo woaƒo bubume le eƒe nuteƒewɔwɔ ta o.
27
Ame si meƒoa nu kabakaba o la sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo nye nugɔmesela.
28
Ne bometsila gɔ̃ zi ɖoɖoe la, wobunɛ nunyalae; ne emia nu la, wobunɛ nugɔmeselae.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31