bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 11
Proverbs 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 12 →
1
Amebanudanu nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ; ke nudanu nyuitɔ doa dzidzɔ nɛ.
2
Ne dàda va la, ŋukpe nɔa eyome! Ke nunya nɔa ɖokuibɔbɔla gbɔ.
3
Fɔmaɖilawo ƒe nuteƒewɔwɔe kplɔa wo; ke alakpa tsrɔ̃a nuteƒemawɔlawo.
4
Kesinɔnu meɖea vi le dɔmedzoedogbe o; ke nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea ame le ku me.
5
Ame maɖifɔ ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ taa mɔ nɛ tẽe; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi.
6
Nuteƒewɔlawo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo; ke ametatrɔlawo ŋutɔ ƒe ŋubiabiã léa wo blana.
7
Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ nu tsina; ke mawumavɔ̃la ƒe ŋuɖoɖo zua dzodzro.
8
Woɖea ame dzɔdzɔe le xaxa me, eye ame vɔ̃ɖi va xɔa eteƒe.
9
Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu tsrɔ̃a ehavii; ke sidzedze wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.
10
Ne eme nyo na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, eye ne ame vlo tsrɔ̃ la, dzidzɔɣli ɖina.
11
Nuteƒewɔlawo ƒe yayra doa du ɖe dzi; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu gbãa du.
12
Ame manyanue doa vlo ehavi; ke nunyala ya zia kpi.
13
Sakplisala ʋua go nya ɣaɣla; ke ame ɖoŋuɖeŋua ɣlaa nya.
14
Ne kplɔla meli o la, dukɔ yia to; ke adaŋudela geɖewo hea dedienɔnɔ vɛ.
15
Ame si de megbe na amedzro la, tsia mavomavo; ame si ƒoa asa na megbedede la, nɔna dedie.
16
Nyɔnu amenuvela ƒe asi sua bubu dzi; ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu dzi.
17
Dɔmenyotɔ wɔa nyui na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevi eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.
18
Ŋutasẽla kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke ame si ƒãa nu dzɔdzɔe wɔwɔ la xɔa fetu vavãtɔ.
19
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ hea agbe vanɛ, ke nuvɔ̃ɖi yome titi hea ku vanɛ.
20
Ame siwo si alakpasusu le la, ŋunyɔ wonye na Aƒetɔ; ke ame siwo ƒe nuwɔna me fɔɖiɖi mele o la, dzidzɔ wonye nɛ.
21
Meka ɖe edzi na wò: Ne woagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fĩi! Ke woaɖe ame dzɔdzɔewo ya.
22
Nyɔnu dzetugbe manyanu le abe ha si sikaŋɔtigɛ le ŋɔti me na ene.
23
Ame dzɔdzɔe ƒe didi nye nu nyui ɖeɖe sɔŋ; ke ame vlo ƒe mɔkpɔkpɔ nye dziku.
24
Ame aɖe naa nu faa; ke ɖeko wògakpɔa nu ɖe edzi. Gake ame bubu ya vea nu ale gbegbe; ke ɖeko wògadaa ahe wu.
25
Woana dɔmenyotɔ naɖi ƒo, eye ame si na tsi ame la, aɖi kɔ.
26
Ame si dzraa bli ɖo, medzranɛ o la, woƒoa fi denɛ; ke ame si dzranɛ faa la, woyranɛ.
27
Ame si tia nyui yome la dzea ame ŋu; ke ame si dia vɔ̃ la, vɔ̃ atui.
28
Ame si ɖoa ŋu ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu la, ayrɔ; ke ame dzɔdzɔe ada ama abe aŋgba mumu ene.
29
Ame si ɖea fu na eƒe aƒemetɔwo la, aɖu aya, eye bometsila azu dɔtsɔvi na nunyala.
30
Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye ati si naa agbe; ke sedzimawɔmawɔ ɖea ame geɖe ƒe agbe ɖa.
31
Ne woɖoa nuteƒe na ame dzɔdzɔewo le anyigba dzi la, ɖe womaɖo eteƒe na ame vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla wu oa?
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31