bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 2
Proverbs 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 3 →
1
Vinye, ne èxɔ nye nyawo, eye nèlé se siwo mede na wò la me ɖe asi sesĩe,
2
ne èɖo to nunya nyuie, eye nètrɔ dzi ɖe eŋu, se egɔme,
3
ẽ, ne èdi nunya deto kple ɣli, eye nèkɔ wò gbe dzi yɔ nugɔmesese,
4
ne èdii abe klosalo ene, eye nèti eyome abe kesinɔnu si wotsɔ ɣla ene la,
5
ekema àse Aƒetɔ -vɔvɔ̃ gɔme, eye àke ɖe sidzedze Mawu ŋu.
6
Elabe Aƒetɔ ye naa nunya, eƒe nu mee sidzedze kple gɔmesese do tso.
7
Edzraa nunya vavãtɔ ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, eye wòxɔna na mokakamanɔŋutɔwo.
8
Ekpɔa nya dzɔdzɔe yomenɔlawo ƒe nuwɔnawo ta, eye wòdzɔa mawumemewo ƒe mɔ ŋu.
9
Ekema àse nu dzɔdzɔe wɔwɔ, nya dzɔdzɔe yome nɔnɔ kple nyametsotso sɔsɔe kpakple agbe nyui nɔnɔ ɖe sia ɖe gɔme.
10
Elabe nunya age ɖe dzime na wò, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ,
11
nuwɔwɔ ɖe nunya me akpɔ tawò, eye nugɔmesese adzɔ ŋuwò.
12
Woaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi, eye womana nàde ha kple nu trama ƒola o.
13
Ame siawo gbe nuteƒewɔwɔ, eye wole agbe le viviti me.
14
Wokpɔa dzidzɔ ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye wotsoa aseye ɖe nu tovo wɔwɔ ŋu.
15
Woƒe toƒe le gɔdɔgɔdɔ̃, eye wotra le woƒe mɔ dzi.
16
Nunya kple nugɔmesese aɖe wò tso nyɔnu dzeha, gbolo, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.
17
Eyama gblẽa eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi, eye wòŋlɔa nubabla kple eƒe Mawu be.
18
Eƒe aƒe ɖo ta ku gbɔ; eƒe afɔtoƒewo yina ɖe aʋlime.
19
Ame aɖeke meyia egbɔ gagbɔna o; womegatrɔna va tsoa agbemɔ o.
20
Esia ta to ame nyuiwo ƒe mɔ dzi, eye nàzɔ ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ɖaa.
21
Elabe nuteƒewɔlawoe anɔ anyigba la dzi; ame mokakamanɔŋutɔwoe asusɔ ɖe edzi.
22
Ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi, eye woaho ame maɖoŋuɖeŋuwo ɖa kple ke le edzi.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31