bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 16
Proverbs 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 17 →
1
Amegbetɔ wɔa ɖoɖo le susu me; ke eɖeɖe gblɔ la, Aƒetɔ gbɔ wòtsona.
2
Ame ƒe nuwɔnawo katã dzana le eya ŋutɔ ŋkume; ke Aƒetɔ ye doa gbɔgbɔwo kpɔna.
3
Tsɔ wò dɔ de asi na Aƒetɔ la, ekema wò tameɖoɖowo adze edzi.
4
Aƒetɔ wɔ nu sia nu ɖe susu aɖe ta; ewɔ ame vɔ̃ɖi gɔ̃ hã ɖe dzɔgbevɔ̃e gbe ŋu.
5
Dàdalawo katã nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ. Meka ɖe edzi na wò: Ne woagbe tohehe na wo fĩi!
6
To nuteƒewɔwɔ kple nyateƒe me woléa avu nuvɔ̃ɖi wɔwɔ, eye Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nana be ame ƒoa asa na vɔ̃.
7
Ne ame aɖe ƒe nuwɔna dze Aƒetɔ ŋu la, enana be eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa ŋutifafa me kplii.
8
Nu vi nɔamesi si ŋu nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpe ɖo la, nyo wu nukpɔkpɔ geɖe si ŋu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kpe ɖo la.
9
Amegbetɔ wɔa ɖoɖo ɖe eƒe mɔ ŋu; ke Aƒetɔ ye fiaa eƒe afɔɖoƒewoe.
10
Fia ƒe nuƒo la, Mawu gbɔe wòtsona; eya ta medaa vo le afiatsotso me o.
11
Nudanu nyuitɔ kple nudada nyuitɔ siaa nye Aƒetɔ tɔ; nudakpe siwo katã le kotokua me la nye eƒe nuwɔwɔ.
12
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo, elabe nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzi woli fiazikpui la anyi ɖo.
13
Nya dzɔdzɔe gbɔgblɔ dzea fiawo ŋu, eye wolɔ̃a nyateƒetola.
14
Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, eye nunyala afa dzi nɛ.
15
Agbe le fia ƒe mokɔkɔ me, eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe alilikpo si nana be tsi dzana le adame ene.
16
Ne nunya su asiwò la, enyo wu sika; ne nugɔmesese su asiwò la, enyo wu klosalo nyuitɔ.
17
Nuteƒewɔlawo ƒe mɔ tata tsri nuvɔ̃ɖi; ame si léa ŋku ɖe eƒe nuwɔna ŋu la nana be eƒe agbe nɔna dedie.
18
Dàda doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodo ɖe dzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
19
Ɖokuibɔbɔ le hiãtɔwo dome nyo wu aboyonu mama kple dàdalawo.
20
Ame si léa to ɖe nya ŋu la, nu adze edzi nɛ; ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la, akpɔ dzidzɔ.
21
Ame si si dzi nyanu le la, woyɔnɛ be nugɔmesela, eye nuƒo si nyasena la, nana be woxɔa ame dzi sena.
22
Nunya nye agbevudo na ame si si wòle; ke bometsitsi nye tohenu na bometsilawo.
23
Nunyala ƒe susu nana be eƒe nuƒo dzɔna, eye wòkpena ɖe eƒe nufiafia ŋu.
24
Nya sɔtome la, anyitsi wònye; evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ŋutilã.
25
Mɔ aɖe li si dzɔna le ame ŋkume, ke eƒe seƒee nye ku.
26
Nuɖuɖu si le dɔwɔla dzrom lae nana be wòwɔa dɔ; dɔwuamee ƒoa du ɖe ete.
27
Yakame ɖoa vɔ̃ ɖe ame ŋu, eye eƒe nuƒo le abe dzo binu ene.
28
Ame vlo dea dzre aƒe, eye sakplitɔ klãa xɔlɔ̃ veviwo dome.
29
Ŋutasẽla blea ehavi nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ manyomanyo dzi.
30
Ame si miaa ŋku ɖe ame la ɖo vɔ̃ ɖe tame; ame si miaa aɖu ɖe nuyi dzi goŋgoŋ la, wɔa nuvɔ̃ɖi.
31
Wɔƒoƒo nye bubufiakuku; nu dzɔdzɔe wɔwɔ mee wokpɔnɛ le.
32
Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, ɖokuidziɖula nyo wu duwo xɔla.
33
Wodaa nudzidzekpe ɖe akɔ me; ke Aƒetɔ tɔe nye nyametsotso.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31