bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 26
Proverbs 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 27 →
1
Abe vuvɔ le dzoxɔxɔŋɔli alo tsidzadza le nuŋeɣi ene la, nenemae bubu medze bometsila o.
2
Ale si atsutsrɔe dzonae, sagbadre saa agbae la, nenemae nye fiƒoƒo de ame ɖe ya me.
3
Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi, eye ati li na bometsila ƒe dzime.
4
Mègaɖo nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne wò hã nàva nɔ abe eya ene o.
5
Ɖo nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne magabu eɖokui nunyalae o.
6
Ame si dea du asi na bometsila la, lãa eya ŋutɔ ƒe afɔ, eye wòsẽa ŋuta le eɖokui ŋuti.
7
Ale si ŋusẽ mele bunɔ ƒe atawo ŋu o la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee.
8
Ame si de bubu bometsila ŋu la, le abe ame si bla kpe ɖe akafo me ene.
9
Ale si ŋu le le ahamula ƒe asi mee la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee.
10
Ale si aŋutrɔdala dea abi ame sia ame ŋui la, nenemae nye ame si tsɔ bometsila alo ahanomunɔ be newɔ dɔ na ye.
11
Ale si avu trɔna ɖe nu si eya ŋutɔ tru ŋui la, nenema bometsila gbugbɔa eya ŋutɔ ƒe bometsinu wɔnae.
12
Èle ame si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila si wu eyama.
13
Kuviatɔe gblɔna be: “Dzata le mɔ dzi! Dzata le ablɔ me!”
14
Ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee la, nenemae kuviatɔ trɔna le eƒe aba dzi.
15
Ne kuviatɔ de asi agba me la, egbugbɔ de nu me tea ɖeɖi eŋu ŋutɔ.
16
Kuviatɔ bua eɖokui nunyalae wu ame adrẽ siwo ɖoa nya ŋu ɖe nunya me.
17
Ame si de nu dzre si mekae o me la, sɔ kple ame si alé to na avu si tso me va yina la.
18
Ale si tsukunɔ daa akakati bibiwo alo aŋutrɔwo hewua nui la,
19
nenemae nye ame si blea ehavi hegblɔna be: “Fefem ko mele.”
20
Ne nake vɔ la, dzo tsina; afi si sakplitɔ mele o la, dzre kena.
21
Ale si aka nana be dzo xɔnae, eye nake nana be dzo binae la, nenemae dzrewɔla dea dzo dzre mee.
22
Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene; ɖe wodea lã me ke na ame.
23
Ale si wofaa klosalomí ɖe anyize ŋui la, nenemae nya vivi gbɔgblɔ si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.
24
Ketɔ ƒoa nu nyuie trɔa eɖokui bubui; ke edzra alakpa ɖo ɖe eƒe dzime.
25
Ne eƒo nu nyuie wònyase hã la, mègaxɔ edzi se o, elabe ŋunyɔnu adrẽ le eƒe dzime.
26
Ne eƒe fuléle ɣla eɖokui ɖe beble me hã la, eƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye adze le dutoƒo.
27
Ame si ɖe do la, age adze eme, eye kpe atrɔ adze emlila dzi.
28
Alakpaɖe léa fu ame siwo dome wògblẽ keŋkeŋ la, eye nu me vivi tsrɔ̃a nu.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31