bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 29
Proverbs 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 30 →
1
Ame si wokaa mo na enuenu gake metsɔa ɖeke le eme o la, edome agblẽ keŋkeŋ zi ɖeka, eye womate ŋu ada gbe le eŋu o.
2
Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, dukɔa tsoa aseye; ke ne ame vɔ̃ɖi ɖu dzi la, dukɔa ɖea hũ.
3
Vi si lɔ̃ nunya la, doa dzidzɔ na tɔ́a; ke esi dea ha kple gbolowo la, gblẽa eƒe kesinɔnuwo dome.
4
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ fia tsɔna lia ke dukɔ; ke fia si xɔa nunana vivivo la, gbãnɛ.
5
Ame si vivia nu me na ehavi la, ɖoa ɖɔ na ehavi ƒe afɔ.
6
Woléa nuvɔ̃ɖi wɔla le eƒe dzidada me; ke nu dzɔdzɔe wɔla adzi ha atso aseye.
7
Ame dzɔdzɔe nyaa nu si nye ame dahewo tɔ gome; ke ame vɔ̃ɖi mesea sidzedze sia gɔme o.
8
Fewuɖulawo tɔa dzo du; ke nunyalawo tsia dɔmedzoe nu.
9
Ne nya ɖo nunyala kple bometsila dome la, bometsila la ɖeko wòdoa dɔmedzoe, nɔa nu kom, eye mezia ɖoɖoe o.
10
Hlɔ̃dolawo léa fu ame maɖifɔ, ke nu dzɔdzɔe wɔlawo kpɔa eƒe agbe ta.
11
Bometsila ɖea eƒe dɔmedzoe fiana ale si wòate ŋui; ke nunyala ya léa eɖokui.
12
Ne dziɖula le to ɖom alakpanyawo la, eƒe amegãwo katã ava zu ame vɔ̃ɖiwo.
13
Ame dahe kple ameteɖeanyila siaa wosɔ; Aƒetɔ ye na ŋku wo ame evea be woakpɔ nui.
14
Fia si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na ame dahewo la ƒe fiazikpui ali ke tegbee.
15
Ameƒoti kple mokaname fiaa nunya, ke vi tsiyame nye ŋukpe na nɔa.
16
Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la, sedzidada dzina ɖe edzi; ke ame dzɔdzɔewo anye woƒe anyidzeƒekpɔlawo.
17
He viwò ekema ana gbɔdzɔe wò, eye wòado dzidzɔ na wò.
18
Ne Mawu ƒe gbeƒãɖeɖe mele dukɔ aɖe me o la, dukɔa trana; ke woyra ame si léa sea me ɖe asi.
19
Wometsɔa nya ko hea kluvi o, elabe ne ese eme gɔ̃ hã la, mele edzi wɔ ge o.
20
Èle ame si tsi dzi le nuƒoƒo me la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila si wu eyama.
21
Kluvi si wowɔ vi na tso ɖevime ke la, ava zu domenyila emegbe.
22
Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ, eye dzikutɔ daa vo geɖe.
23
Ɖokuidodoɖedzi bɔbɔa ame ɖe anyi; ke ɖokuibɔbɔ dea bubu ame ŋu.
24
Ame si dea ha kple fiafitɔ la, lé fu eya ŋutɔ ƒe agbe; ase fiƒode gake magblɔ nya aɖeke o.
25
Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̀ wònye ɖea ame; ke ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la, anɔ dedie.
26
Ame geɖewo wɔa ameŋkumenu be yewoadze ame si le dzi ɖum la ŋu; ke Aƒetɔ ye tsoa afia na ame.
27
Nu madzɔmadzɔ wɔla nye ŋunyɔnu na ame dzɔdzɔewo, ke ame si ƒe zɔzɔme dzɔ la nye ŋunyɔnu na ame vɔ̃ɖi.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31