bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 13
Proverbs 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 14 →
1
Vi nyanu sea tɔ́a ƒe nufiame; ke fewuɖula meɖoa to mokaname o.
2
Ame nyui ɖua nu nyui tso eƒe numenya ƒe kutsetse me; ke ŋutasesẽ nye alakpatɔ ƒe didi.
3
Ame si kpɔa eƒe nu dzi la, nɔna dedie; ke ame si kea nu baa la, dzea gbegblẽ me.
4
Nu dzroa kuviatɔ ƒe luʋɔ, eye makpɔe akpɔ o; ke veviedola ƒe luʋɔ akpɔ nu geɖe.
5
Ame dzɔdzɔe léa fu aʋatsokaka; ke ame vɔ̃ɖi wɔa ŋukpenanu kple vlodoamenu.
6
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzɔa ame maɖifɔ ƒe nuwɔnawo ŋu; ke nu tovo wɔwɔ hea ame vɔ̃ɖi ƒua anyi.
7
Ame aɖe wɔ eɖokui kesinɔtɔe, ke naneke mele esi o; bubu wɔ eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu le esi fũu hafi.
8
Ame ƒe kesinɔnue ɖenɛ le awɔba me; ke ame dahe ya mekpɔa megbedenu aɖeke o.
9
Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie; ke ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi tsina.
10
Dàda la, dzre ko wohena vanɛ, ke nunya nana be woxɔa aɖaŋuɖoɖo.
11
Kesinɔnu si wotsi dzi kpɔ bɔbɔe la azu ʋɛ; ke esi woku kutri kpɔ la, adzi ɖe edzi.
12
Mɔkpɔkpɔ si wohe ɖe megbe la, nana be dzi sea veve; ke ne nu va eme na ame la, enye ati si naa agbe.
13
Ame si doa vlo nuxlɔ̃amenya la, atsrɔ̃; ke ame si dea bubu sedede ŋu la, axɔ fetu.
14
Nunyala ƒe nufiame la, vudo si naa agbe wònye, bene ame naƒo asa na ku ƒe mɔ̀.
15
Nugɔmesese nyui hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ hea wo dea gbegblẽ me.
16
Aɖaŋudzela ɖe sia ɖe wɔa nu le nunya me; ke bometsila doa boblo eƒe bometsitsi.
17
Dɔtsɔla vlo hea amewo dea xaxa me; ke amedɔdɔ nuteƒewɔla daa gbe le ame ŋu.
18
Ahedada kple ŋukpe vaa ame si gbea nufiamexɔxɔ la dzi; ke wodea bubu ame si xɔa mokaname la ŋu.
19
Ne ame ƒe didi va eme la, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ, ke nuvɔ̃ tsitsri nye ŋunyɔnu na bometsilawo.
20
Ame si zɔna kple nunyalawo la, dzea nunya; ke ame si dea ha kple bometsilawo la, akpe fu.
21
Dzɔgbevɔ̃e ɖea nuvɔ̃wɔlawo ɖe nu; ke nunyoname wotsɔna tua fe na ame dzɔdzɔewo.
22
Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na viawo ƒe viwo; ke wolia kɔ nuvɔ̃wɔla ƒe kesinɔnu ɖi na ame dzɔdzɔe.
23
Ame dahe ƒe afutimenuku ʋãna fũu; ke edome gblẽna to nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me.
24
Ame si gbea eƒe ameƒoti ŋudɔwɔwɔ na via la, lé fu via; ke ame si lɔ̃ via la doa vevie be yeahe to nɛ.
25
Ame dzɔdzɔe kpɔa nu ɖuna ɖia ƒo nyuie; ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31