bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 8
Proverbs 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 9 →
1
Ɖe nunya mele ɣli dom oa? Ɖe nugɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?
2
Ele tsitre ɖe togbɛwo dzi le mɔ to; ele mɔ dogoewo nu.
3
Ele ɣli dom le agboawo xa, le dua ƒe mɔnu kple ʋɔtruawo nu. Ebe:
4
“Amegbetɔwoee, miawo yɔm mele. Amegbetɔ viwoee, miawo mekɔ gbe dzi na.
5
Mi bometsilawo, midze nunya. Mi movitɔwo, mise nu gɔme.
6
Mise ɖa, elabe nya veviwoe magblɔ. Nu si le eteƒe tututu la, eyae make nu agblɔ.
7
Make nu agblɔ nyateƒe la; nye nu tsri nya vɔ̃ɖi gbɔgblɔ.
8
Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe; beble kple alakpa mele wo me o.
9
Wo katã me kɔ na nugɔmesela, eye wosɔe na ame si ke ɖe sidzedze ŋu.
10
Mixɔ nye nufiame ɖe klosalo teƒe, eye mixɔ sidzedze ɖe sika nyuitɔ teƒe.
11
Elabe nunya nyo wu dzonu nyuitɔ, eye naneke meli nàdi wòade enu o.
12
Nye nunya, mele anyi le aɖaŋu me, eye asinye mee sidzedze kple nyametsotso nyuitɔ le.
13
Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye fuléle vɔ̃. Melé fu dàda, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ dzi toto kple alakpanyagbɔgblɔ.
14
Aɖaŋuɖoɖo kple nunya vavãtɔ le asinye. Nugɔmesese le asinye. Ŋusẽ le asinye.
15
Dzinyee fiawo tona ɖua fia; dzinyee dziɖulawo tona dea se dzɔdzɔe.
16
Dzinyee amegãwo tona ɖua dzi, eye bubumewo ɖua anyigba dzi.
17
Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am, eye ame siwo diam vevie la, kpɔam.
18
Kesinɔnu kple bubu le asinye; nunɔamesi kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ siwo megblẽna o la, le gbɔnye.
19
Nye kutsetse nyo wu sika. Ẽ, enyo wu sika nyuitɔ gɔ̃. Nye viɖe xɔ asi wu klosalo nyuitɔ.
20
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔ dzi mezɔna, eye nya dzɔdzɔe ƒe toƒe metona,
21
bene mama kesinɔnu na ame siwo lɔ̃am, eye made nu woƒe nudzraɖoƒe, wòayɔ.
22
Aƒetɔ wɔm esime wòdze eƒe dɔ gɔme; nyee nye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ tso blema ke.
23
Eɖom anyi tso tititi ke, nyee wòɖo gbã hafi anyigba nava dzɔ.
24
Wodzim hafi tɔ goglowo nava do; medo ŋgɔ na tsidzɔƒe siwo me tsi ɖɔ ɖo taŋ la.
25
Hafi wova ɖo towo ƒe agunuwo anyi, hafi togbɛwo nadzɔ la, wodzim xoxo.
26
Wodzim hafi wòwɔ anyigba, gbegbewo kple anyikɔ gbãtɔwo gɔ̃.
27
Mele eteƒe hafi Aƒetɔ wɔ dziƒo esime wòte dziŋgɔli ƒe fli nogo ɖe gogloƒeawo dzi.
28
Ɣe ma ɣie wòna alilikpowo bla ɖe dzi goŋgoŋ, eye wòɖo gogloƒeawo ƒe tsidziƒewo anyi.
29
Meli esime wòɖo seɖoƒe na atsiaƒu bene magada yeƒe sedede dzi o, eye wòɖo anyigba ƒe zɔ anyi.
30
Menye dɔnunɔla le exa, eye medoa dzidzɔ nɛ gbe sia gbe. Mekpɔa dzidzɔ le eŋkume ɣe sia ɣi.
31
Mekpɔa dzidzɔ le eƒe xexeme si amewo le la ŋu, eye dzi dzɔam be mele amegbetɔviwo dome.
32
Azɔ la, vinyewo, miɖo tom. Dzi dzɔa ame siwo toa nye afɔtoƒe.
33
Miɖo to nye nufiame, ne miadze nunya. Migagbee o.
34
Dzi dzɔa ame si ɖoa tom, eye wòle ŋudzɔ le nye agbowo nu tso ŋkeke yi ŋkeke le lalam le nye ʋɔtruwo nu.
35
Elabe ame si ƒe asi tum la ƒe asi tu agbe; Aƒetɔ vea eyama nu.
36
Ke ame si dam ƒu la, wɔa nu vevi eɖokui. Ame siwo katã lé fum la, ku lɔ̃m wole.”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31