bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 4
Proverbs 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 5 →
1
Viwo, mise vi tɔ́ aɖe ƒe nufiame; milé to ɖe eŋu nyuie ne miase nu gɔme.
2
Elabe aɖaŋu nyui ɖom mele na mi; migaɖe asi le nye nufiame ŋu o.
3
Esi menye viŋutsuvi dzaa na tɔ́nye kple vi ɖekɛ na nɔnye la,
4
tɔ́nye fia num. Egblɔ nam be: “Lé nye nyawo ɖe tame nyuie. Wɔ nye sededewo dzi, ne nànɔ agbe.
5
Di nunya! Di gɔmesese! Mègaŋlɔ nye numenya be o, eye mègagblẽ wo ɖi o.
6
Mègaɖe asi le nunya ŋu o, ekema adzra wò ɖo. Lɔ̃e, ekema adzɔ ŋuwò.
7
Nunya ƒe gɔmedzedze nye esi: Di nunya. Le nu sia nu si le asiwò dome la, gɔmesese nanye vevitɔ.
8
Bui nu xɔasii, ne wòado wò ɖe dzi. Ade bubu ŋuwò ne èkpla asi kɔ nɛ.
9
Atsɔ tablanu dzeani abla ta na wò, atsɔ fiakuku nyakpɔ aɖɔ na wò.”
10
Vinye, se nye nyawo, ne nàxɔ wo, bene nànɔ agbe, axɔ ƒè geɖee.
11
Nunyamɔ mefia wò. Toƒe dzɔdzɔe mekplɔ wò toe.
12
Ne èle zɔzɔm la, naneke maɖo ata me na wò o. Ne èle du dzi hã, màkli nu o.
13
Lé nu si wofia wò la me ɖe asi sesĩe; mègaɖe asi le eŋu o. Dzɔ eŋu, elabe eyae nye wò agbe.
14
Mègato ame vɔ̃ɖiwo ƒe afɔtoƒe o; mègazɔ afi si nu vlo wɔlawo zɔna o.
15
Gbe nu le mɔ ma gbɔ, mègato edzi o. Dze to mɔ bubu nàdzo.
16
Elabe woawo la, ne womewɔ vɔ̃ o kpaa, womedɔa alɔ̃ o; ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃ buna ɖe wo.
17
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔe nye woƒe nuɖuɖu; ŋutasesẽe nye woƒe aha wonona.
18
Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ya le abe agudzedze ene. Eklẽna gaklẽna ɖe edzi, va se ɖe esime ŋu kena keŋ.
19
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe blukɔ tsiɖitsiɖi ene; womenya nu si kli ge woala o.
20
Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu. Ƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele na wò la ŋu.
21
Mègana woadzo le wò ŋku dzi o; dzra wo ɖo ɖe wò dzime ke.
22
Elabe agbe wonye na ame siwo ke ɖe wo ŋu; woyɔa dɔ ameti blibo la.
23
Nɔ ŋudzɔ vevie le wò dzi ŋu, elabe ŋudzɔnɔnɔ me agbe dona tso.
24
Tsri alakpadada na wò nu, eye nàte wò nuyi ɖa tso aʋatsokaka gbɔ.
25
Na wò ŋku nakpɔ ŋgɔ tẽe; kpɔ ŋgɔ tututu.
26
Ɖe toƒe dzɔdzɔe na ɖokuiwò, eye kakaɖedzi anɔ wò mɔwo katã ŋu.
27
Mègadze ɖe ɖusi alo miame o. Te ɖa tso vɔ̃ gbɔ.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31