bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 25
Proverbs 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 26 →
1
Lododo siawo hã nye Salomo tɔwo. Yuda-fia Xizkiya ƒe amewoe gbugbɔ wo ŋlɔ.
2
Enye bubu na Mawu be wòaɣla nu; ke fiawo ƒe bubue nye be woaku nu gɔme.
3
Ale si dziƒo kɔe, eye anyigba gogloe la, nenemae fiawo ƒe dzime dzodzro meli o.
4
Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu, ekema aɖaŋudɔwɔla akpɔ dɔwɔnu awɔ tsikunu.
5
Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia ŋkume, ekema eƒe fiazikpui ali ke ɖe nu dzɔdzɔe me.
6
Mègaɖe ɖokuiwò fia ne fia nakpɔ loo, alo anɔ ame veviwo teƒe o.
7
Elabe ne wogblɔ na wò be: “Va nɔ kɔkɔƒe le afii” la, enyo wu be woabɔbɔ wò ɖe anyi le amegã la ŋkume. Nu si wò ŋku kpɔ la,
8
mègatsi dzi atsɔe yi ʋɔnui o; elabe nu ka nàwɔ emegbe, ne hawòvi va do ŋukpe wò?
9
He wò ŋutɔ wò nya kple hawòvi; ke mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla,
10
be ne amea see la, wòado ŋukpe wò, eye wò ŋkɔ vɔ̃e anɔ anyi ɖaa o.
11
Nya si wogblɔ le egblɔɣi la, le abe sikanutata ɖe klosalonu dzi ene.
12
Nunyala ƒe nuxlɔ̃amenya le abe sikasigɛ kple kɔgɛ si wotsɔ sika nyuitɔ wɔ la ene na ame si le to ɖomee la.
13
Ale si tsi fafɛ faa akɔ na ame le dzomeŋɔli le nuŋeɣii la, nenemae dɔtsɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe; efaa dzi na eƒe aƒetɔwo.
14
Ame si doa nunana ŋugbe evɔ menanae o la, le abe tsi si ɖo kple yaƒoƒo gake gbe dzadza la ene.
15
Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si, eye aɖe bɔbɔe ye gbãa ƒu.
16
Ne èkpɔ anyitsi la, noe ɖe wò dɔ nu; ne magawu ko na wò, eye nàtrui o.
17
Mèganɔ afɔɖi ƒom hawòvi ƒeme, ne wò nu nagati kɔ nɛ, eye wòayi fu lé ge wò o.
18
Ame si ɖia aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la, le abe kpo, yi, alo aŋutrɔ biɖoe ene.
19
Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣi le abe aɖu vovo alo afɔ si gli la ene.
20
Ame si le ha dzim na dzi si le nu xam la, le abe ame si ɖe avɔ da ɖi le vuvɔŋɔli alo abe aha tsitsi wokɔ ɖe abi me ene.
21
Ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu, eye ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.
22
Elabe ne èwɔ esia la, àna ŋu nakpee ŋutɔŋutɔ, eye Aƒetɔ aɖo eteƒe na wò.
23
Dzigbemeya hea tsidzadza vanɛ, eye ameŋulĩɖe nana be wodoa dziku, ɖoa adãmo.
24
Xɔta ƒe dzogoe dzi nɔnɔ nyo wu aƒeme nɔnɔ kple nyɔnu dzrewɔla.
25
Nya nyui xɔxɔ tso duta le abe tsi fafɛ ene na ame si ƒe ve me ƒu la.
26
Ale si tsidzidzi bublu alo vudo me tsi ƒaƒã le la, nenemae nye ame dzɔdzɔe si wɔ nu tovo le ame vɔ̃ɖi ŋkume.
27
Anyitsi geɖe nono menyo o, eye mègadi be woakafu ye akpa o.
28
Ame si meɖua eɖokui dzi o la, le abe du si ŋu wogbã gli le, eye wòtsi nuvo ene.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31