bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 22
Proverbs 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 23 →
1
Ŋkɔ nyui tiatia ƒo kesinɔnu geɖe ta. Ŋudzedzekpɔkpɔ le ame ŋu nyo wu klosalo kple sika.
2
Kesinɔtɔ kple ame dahe sɔ elabe Aƒetɔ ye nye wo katã Wɔla.
3
Aɖaŋudzela kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame manyanu ya ƒoa ta ɖe eme, eye wòkpɔa etɔ nua.
4
Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Aƒetɔ -vɔvɔ̃ me.
5
Ŋu kple mɔ̀ le alakpatɔ ƒe mɔ dzi; ame si ɖɔa ŋu ɖo la ƒoa asa na wo.
6
He ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu, eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o.
7
Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; ame si doa nu le ame si la, kluvi wònye na ame si si wòdo nu la le.
8
Ame si ƒãa nu madzɔmadzɔ la, aŋe dzɔgbevɔ̃e, eye eƒe dɔmedzoe ƒe toheti magadze edzi o.
9
Woayra ame si nyoa dɔme elabe emaa eƒe abolo kple ame dahe.
10
Nya fewuɖula ɖa, ekema dzre ake, eye nyawɔwɔ kple dzu avɔ.
11
Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛtɔ, eye wònya nuƒoƒo la, anye fia xɔlɔ̃.
12
Aƒetɔ ƒe ŋku dzɔa sidzedze ŋu; ke egbea nuteƒemawɔla ƒe nya.
13
Kuviatɔe gblɔna be: “Dzata le xexe. Ava wum le kpɔdomee.”
14
Gbolo ƒe nu la, do gogloe. Ame si ŋu Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖo la, eyae age dze eme.
15
Ne bometsitsi lé ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti ye fenɛ ɖa le eŋu.
16
Ame si te ame dahe ɖe anyi be yeƒe nuwo nedzi ɖe edzi, alo na nu kesinɔtɔ la, ahedada ko wòkplɔ ƒu eɖokui.
17
Ƒu to anyi, eye nàse nunyalawo ƒe nyawo. Wò susu netrɔ ɖe nye sidzedze ŋu,
18
elabe anyo ne èdzra wo ɖo ɖe mewò eye wo katã le nuwò.
19
Medi be nàɖo dzi ɖe Aƒetɔ ŋu tae mele nu fiam wò egbea ɖo.
20
Ɖe nyemeŋlɔ nufiame bla etɔ̃ siwo me aɖaŋuɖoɖo kple nunya le la na wò,
21
ne mafia wò nu si dze, eye wòle eteƒe, ale be nàtsɔ ŋuɖoɖo nyuitɔwo ayi na ame siwo dɔ wò ɖa la oa?
22
Mègada adzo ame dahe le eƒe ahedada ta o; mègate fukpela ɖe anyi le ʋɔnu o,
23
elabe Aƒetɔ axɔ woƒe nya ɖe akɔ, eye wòaɖe ame siwo da adzo wo la ƒe agbe ɖa.
24
Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mègazɔ kple dzikutɔ o.
25
Ne menye nenema o la, àsrɔ̃ eƒe nuwɔnawo, eye wò agbe age ɖe mɔ̀ me.
26
Mèganye ame siwo ƒua asi akɔ, eye wodea megbe na fenyila la dometɔ aɖeke o,
27
elabe ne naneke mele asiwò nàtsɔ aɖo fea nu o la, ɖe womaɖe wò aba le tewò oa?
28
Mègatrɔ liƒo xoxo siwo tɔgbuiwòwo do la o.
29
Èkpɔ ame zazɛ̃ si wɔa eƒe dɔ kple aɖaŋua? Fiawoe wòasubɔ; menye ame maɖinuwoe wòasubɔ o.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31