bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 23
Proverbs 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 24 →
1
Ne èle kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple dziɖula aɖe la, lé ŋku ɖe nu si le ŋkuwò me la ŋu nyuie.
2
Ne ènye nu tsu ɖula la, ekema ɖu ɖokuiwò dzi vevie.
3
Eƒe nuɖuɖu viviawo megadzro wò o, elabe ameblenuɖuɖu woe.
4
Mègaɖe fu na ɖokuiwò be yeakpɔ kesinɔnu o; nya nu nàɖee ɖa le susu me.
5
Kasia wò ŋku nakpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabe ato aʋala adzo ayi ya me abe hɔ̃ ene.
6
Mègaɖu ŋɔkula ƒe nu o, eye eƒe nuɖuɖu viviwo megadzro wò o,
7
elabe ale si wòbu le dzime la, nenema eyama le. Agblɔ na wò be: “Ɖu nu, no nu!” gake nya sia metso eƒe dzime o.
8
Nu si nèɖu la, àdzɔe, eye dzidzɔdonamenya siwo nègblɔ la hã azu dzodzro.
9
Mègaƒo nu na bometsila o, ɖeko wòado vlo nunya si le wò nyawo me la.
10
Mègatrɔ liƒo xoxowo o, eye mègaxɔ tsyɔ̃eviwo ƒe agblewo le wo si o,
11
elabe woƒe Xɔnametɔ tri akɔ; eyae atso ɖe ŋuwò, aʋli wo ta.
12
Trɔ wò dzi ɖe nufiamenya ŋu, eye nàɖo to sidzedze ƒe nyawo.
13
Mègagbe tohehe na vi o. Ne èƒoe kple ati la, maku o.
14
Ne èƒoe kple ati la, àɖe eƒe agbe tso tsiẽƒe.
15
Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ.
16
Nye luʋɔ atso aseye, ne ègblɔ nu si le eteƒe.
17
Mègaʋã ŋu vɔ̃wɔla le dzime o; ke boŋ nɔ Aƒetɔ -vɔvɔ̃ dzi ɖaa.
18
Elabe ɣeyiɣi li gbɔna godoo, eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
19
Vinye, see, eye nàdze nunya, da wò dzi ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi.
20
Mègade ha kple wain tsu nolawo kple lã tsu ɖulawo o,
21
elabe ahamula kple nu tsu ɖula, ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃ tsu dɔdɔ ɖe wònana wotsia nu vuvu me.
22
Ɖo to tɔ́wò si dzi wò, eye mègado vlo nɔwò le eƒe nyagãkuku me o.
23
Ƒle nyateƒe; mègadzrae o. Ƒle nunya, nufiame kple nugɔmesese hã.
24
Ame dzɔdzɔe tɔ́ atso aseye vevie, eye ŋutsu si dzi vi nyanu la, akpɔ dzidzɔ le eŋu.
25
Na tɔ́wò kple nɔwò nakpɔ dzidzɔ, eye nɔwò si dzi wò la natso aseye.
26
Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nàlé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu,
27
elabe gbolo la, do globo wònye; nyɔnu tsatsala la, vudo xaxɛ wònye.
28
Edea xa ɖi abe adzodala ene, eye wòwɔnɛ be nuteƒemawɔlawo dzina ɖe edzi le ŋutsuwo dome.
29
Ame kae ɖea hũ? Ame kae sea veve? Ame kae wɔa dzre? Ame kae faa konyi? Ame kae xɔa abi dzodzro? Ame ka ƒe ŋkue biãna wɔna dɔ̃?
30
Ame siwo tsia wain gɔme la woe. Ame siwo lɔ̃a wain si wodzro la ɖɔɖɔ kpɔ la woe.
31
Mègaɖe ŋku ɖe wain, ne wòbiã nyuie, eye wòle dzo dam le kplu me, eye ne wole enom, wòle yiyim wɔliwɔli la o.
32
Mlɔeba la, eɖua ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe dakpui ene.
33
Wò ŋku akpɔ nu manyatanawo, eye wò susu anɔ nya vlowo gblɔm.
34
Ànɔ abe ame si le atsiaƒu titina alo ame si le abalati tame la ene.
35
Àgblɔ be: “Woƒom, ke nu vevi mewɔm o; wotom, ke mevem o. Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ? Magadi aha bubu yomemɔ.”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31