bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 24
Proverbs 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 25 →
1
Mègaʋã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o, eye megadzro wò be nàde ha kpli wo o,
2
elabe wole ŋutasesẽ ŋu bum le dzime, eye woƒoa nu tso nugbegblẽ ŋu.
3
Nunya wotsɔna tua xɔe, eye gɔmesese wotsɔna lia kee.
4
Sidzedze wotsɔna dea kesinɔnu xɔasi kple dzidzɔdonamenuwo katã xɔawo me, woyɔna taŋ.
5
Ame nyanu sesẽ wu ame sesẽ, eye ame si si sidzedze le la ɖea ŋusẽ fiana wu ame sesẽ.
6
Elabe to amekpɔkplɔ nunyatɔe me miate ŋu aho aʋa, eye dziɖuɖu vana to adaŋudela geɖe dzi.
7
Nunya kɔ dzi boo akpa na bometsila, eya ta mekea nu le ʋɔnu o.
8
Ame si ɖoa vɔ̃ be yeawɔ la, eyae woyɔna be ame vɔ̃.
9
Bometsila ƒe tameɖoɖo nye nuvɔ̃, eye fewuɖula nye ŋunyɔ na amegbetɔwo.
10
Ne ègbɔdzɔ le xaxagbe la, wò ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ.
11
Xɔ na ame siwo wokplɔ yina wuwu ge, eye ɖe ame siwo woyina tsotso ge la.
12
Ne ègblɔ be: “Kpɔ ɖa, míenya esia o” la, ɖe ame si daa dziwo kpɔna la medze sii oa? Ɖe ame si dzɔa wò luʋɔ ŋu la, menyae oa? Ɖe maɖo eteƒe na ame ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu oa?
13
Vinye, no anyitsi elabe enyo, eye anyigba si le tsyɔtsyɔm la avivi na wò.
14
Nya be nenema nunya le na wò luʋɔ. Ne wò asi su edzi la, ekema ŋkekenyuiwo gbɔna na wò, eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
15
Wò ame vɔ̃ɖi, mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe nɔƒe ŋu o, eye mègagblẽ eƒe aƒe o.
16
Elabe togbɔ be ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adrẽ hã la, egafɔna; ke ame vɔ̃ɖiwo dzea gbegblẽ me.
17
Ne wò futɔ dze anyi la, dzi megadzɔ wò o. Ne ekli nu la, mègakpɔ dzidzɔ o.
18
Ne menye nenema o la, Aƒetɔ akpɔe madze eŋu o, eye wòadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe eŋu.
19
Dzi megaku wò le ame vɔ̃ɖi ta o, eye mègaʋã ŋu ame vɔ̃ɖi o,
20
elabe etsɔ me manyo na ame vlo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi atsi.
21
Vinye, vɔ̃ Aƒetɔ kple fia la, eye mègagbe toɖoɖo wo dometɔ aɖeke o.
22
Elabe gbegblẽ atso wo gbɔ ava kpata. Ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si ava tso wo kple eve la gbɔ?
23
Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyawo: Ame dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.
24
Ame si gblɔ na ame vɔ̃ɖi be: “Tɔwò dzɔ” la, dukɔwo aƒo fi adee, eye anyigbadzitɔwo alé fui vevie.
25
Gake ame siwo gbea nya na ame vɔ̃ɖi la, dzi adzɔ wo, eye yayra vavãtɔ anɔ wo dzi.
26
Ame si ɖoa nya ŋu ɖe eteƒe la, eya ƒe nuyi ye wogbugbɔna.
27
Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nàde wò agble, emegbe hafi nàtu xɔ.
28
Mèganye ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro o, eye mègaka aʋatso o.
29
Mègagblɔ be: “Ale si wòwɔmee la, nenema kee mawɔe. Maɖo eteƒe nɛ ɖe eƒe nuwɔna nu” o.
30
Meto kuviatɔ aɖe ƒe agble ŋu, numanyala aɖe ƒe waingble ŋu, yi kpɔ.
31
Kpɔ ɖa, aŋɔka xɔ agblea keŋ; gbe to ɖe eme taŋtaŋ, eye eƒe kpeɖoɖowo mu.
32
Tete mekpɔe hebu eŋu. Meɖe ŋku ɖee, eye mesrɔ̃ nu tso eme:
33
“Alɔ̃dɔdɔ vie, akɔlɔ̃edɔdɔ sẽe, asidede asitɛ me, gbɔgbɔɖeme ʋɛ” la,
34
ahedada ɖe wòƒona ɖe ame dzi abe adzodala ene, eye hiã ɖe wòtua ame abe ŋutsu si bla akpa ene.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31