bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 6
Proverbs 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 7 →
1
Vinye, ne ède megbe na hawòvi, ne èlé fe nu na amedzro aɖe,
2
ne wò nu de wò mɔ̀ me, eye wò numenya lé wò bla la,
3
ekema ège ɖe hawòvi si me. Vinye, nu si nàwɔ aɖe ɖokuiwò lae nye esi: Yi egbɔ, bɔbɔ ɖokuiwò, eye nàƒo koko nɛ vevie.
4
Tsi zãdomadɔlɔ̃e; mègadɔ akɔlɔ̃e teti hã o.
5
Ɖe ɖokuiwò abe ale si sãde ɖea eɖokui tso adela si mee, abe ale si xevi ɖea eɖokui tso mɔ̀trela si mee ene.
6
Wò kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, ne nàdze nunya!
7
Kplɔla, dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o.
8
Ke edzraa eƒe nuɖuɖu ɖo le dzomeŋɔli, eye wòƒoa ƒu eƒe nunyiame ɖi le nuŋeɣi.
9
Kuviatɔ, ɣe ka ɣi nànɔ aba dzi va se ɖo? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
10
Ne èbe: “Madɔ alɔ̃ vie, madɔ akɔlɔ̃e vie, made asi ata me, madzudzɔ vie” la,
11
ahedada aɖi ɖe wò abe fiafi ene, eye koɖoɖo ado ɖe dziwò abe adzoblasu ene.
12
Ame ɖigbɔ, ame vɔ̃ɖi, eyae tsana nɔa alakpa dam.
13
Emiaa ŋku ɖe ame, nɔa afɔ titim ɖe anyigba, eye wòtsɔa asi wɔa dzesii.
14
Enye ayeme, eɖoa vɔ̃ ɖe tame ɣe sia ɣi, eye wòdea dzre ame dome.
15
Eya ta dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe eyama dzi kpata, agbã enumake, eye mate ŋu ahaya o.
16
Nu adee Aƒetɔ lé fui; ẽ, adrẽ nye ŋunyɔnu nɛ:
17
dàdaŋku alakpaɖe asi si kɔa ʋu maɖifɔ ɖi
18
dzi si wɔa ɖoɖo vɔ̃wo, afɔ si ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu,
19
aʋatsoɖasefo si daa alakpa kple ame si dea dzre nɔviwo dome.
20
Vinye, lé tɔ́wò ƒe sedede me ɖe asi, eye mègaɖe asi le nɔwò ƒe nufiame ŋu o.
21
Bla wo ɖe wò dzi ŋu ɣe sia ɣi, eye nàsa wo ɖe kɔ.
22
Ne èle azɔli dzi la, woakplɔ wò; ne èmlɔ anyi la, woadzɔ ŋuwò, eye ne ènyɔ la, woaɖo dze kpli wò.
23
Elabe sea nye akaɖi, eye nufiamea nye kekeli, eye mokaname si naa hehe la, nye agbemɔ,
24
bene woaɖe wò tso nyɔnuvɔ̃ɖi la si me, tso nyɔnu ahasitɔ ƒe amenubeble me.
25
Mègana eƒe tugbedzedze nadzro wò o. Eƒe aɖaba negaɖe aboyo wò o.
26
Elabe gbolo la, abolo kakɛ ƒe asi ko wòxɔna; ke nyɔnu srɔ̃tɔ ya la, ŋutsu ƒe agbe xɔasi kekeake minyam wòle.
27
Ɖe ame aɖe dzo ɖe akɔ nu, eye mafiã eƒe awu oa?
28
Alo ɖe ame azɔ dzoka dzi, eye eƒe afɔ mafiã oa?
29
Alea pɛ wòle na ŋutsu si di ehavi srɔ̃; ame sia ame si de asi ame srɔ̃ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.
30
Ne dɔ wu fiafitɔ, wòfi nu ɖu la, ɖe amewo medoa vloe oa?
31
Ne wolée la, aɖo eteƒe zigbɔzi adrẽ, eye wòatsɔ eƒe aƒemenuwo katã ana.
32
Gake ŋutsu si wɔ ahasi kple nyɔnu la, susu mele esi o. Ŋutsu si wɔe tsrɔ̃ eɖokui.
33
Abi kple vlododo ko wòakpɔ, eye eƒe ŋukpe nu matsi o.
34
Elabe ŋuʋaʋã nana be ŋutsu doa dɔmedzoe vevie, eye mekpɔa nublanui ne ele hlɔ̃ biam o.
35
Ayifaɖe aɖeke madze eŋu o, eye malɔ̃ be nunana gbogbowo hã nafa akɔ na ye o.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31