bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 12
Proverbs 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 13 →
1
Ame si lɔ̃a hehexɔxɔ la, lɔ̃a sidzedze; ke ame si lé fu mokaname la, gbemelãe.
2
Aƒetɔ vea ame nyui nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla.
3
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ menana be ame lia ke o; ke kè maʋã le ame dzɔdzɔe te o.
4
Srɔ̃nyɔnu ɖɔʋu nye fiakuku le srɔ̃a ta; ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla le abe ƒutometsi ƒaƒã ene le srɔ̃a me.
5
Ame dzɔdzɔe ƒe susuwo le eteƒe; ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖowo nye beble.
6
Ame vɔ̃ɖi ƒe nya dea xa be yeakɔ ʋu ɖi; ke nuteƒewɔla ƒe nuƒo ɖea ame.
7
Tutu ame vɔ̃ɖi ƒu anyi ko evɔ nɛ; ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ya nɔa anyi ɖaa.
8
Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo; ke wodoa vlo susu tramatɔ.
9
Ame tsɛ si ŋutɔ wɔa dɔ la nyo wu ame si tɔa asi akɔ; ke nuɖuɖu mele esi o.
10
Ame dzɔdzɔe sea veve ɖe eƒe lãwo kekeake ti; ke ame vɔ̃ɖi ƒe nublanuikpɔkpɔ gɔ̃ hã nye ŋutasesẽ.
11
Ame si de eya ŋutɔ ƒe agble la, akpɔ nuɖuɖu geɖe; ke ame si tia nu maɖinuwo yome la, tagbɔ mele esi o.
12
Nu vɔ̃ɖi wɔla ƒe xɔ tsrala sesẽ agbã; ke ame dzɔdzɔe ƒe ke dzèna.
13
Nuƒoƒo trama nye mɔ̀ vɔ̃ɖi ɖea ame; ke ame dzɔdzɔe sina le fukpekpe nu.
14
Nya si ame ke nu gblɔ la hea nyui geɖe fũu vana nɛ, eye dɔ si ame tsɔ asi wɔe la ɖea vi na eya ŋutɔ.
15
Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ŋkume; ke nunyala sea aɖaŋuɖoɖo.
16
Bometsila ɖea eƒe dziku fiana enumake; ke aɖaŋudzela meɖoa dzu ŋu o.
17
Ame si toa nyateƒe la, gblɔa nya dzɔdzɔe; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.
18
Ame aɖewo ƒe nuƒo tamemabutɔe tɔa ame abe yi ene; ke nunyala ƒe nya daa gbe le ame ŋu.
19
Nyateƒetola nɔa anyi tegbee; ke aʋatsokala nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
20
Beble le susu me na vɔ̃ɖolawo; ke ŋutifafadilawo kpɔa dzidzɔ.
21
Vɔ̃ aɖeke medzɔna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi o; ke ame vɔ̃ɖi la yɔ fũu kple dzɔgbevɔ̃e.
22
Alakpatɔ nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ; ke nuteƒewɔlawo ƒe nu nyoa eŋu.
23
Nunyala mekɔa nu le eƒe sidzedze dzi o; ke susumanɔsitɔ ya doa boblo eƒe bometsitsi.
24
Veviedonula ƒe asi ɖua fia; ke woazi kuviatɔ dzi be wòawɔ dɔ.
25
Dzimaɖitsitsi tea ame ɖe to; ke dzideƒonya doa dzidzɔ nɛ.
26
Ame dzɔdzɔe trɔna tso nuvɔ̃ɖi gbɔ; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.
27
Kuviatɔ mekpɔa adelã mena o; ke ame si doa vevie nu la, akpɔ kesinɔnu xɔasi.
28
Agbe le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔ dzi; ke ame si to mɔ sia dzi la, meyia ku me o.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31