bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 27
Proverbs 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 28 →
1
Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabe mènya nu si ŋkeke ahe vɛ o.
2
Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o; ame tutɔ, ke menye wò ŋutɔ wò nu o.
3
Kpe la, nu kpekpe ye, eye ke hã kpena; ke bometsila ƒe dzikudoname kpena wu wo kple eve la.
4
Adã nyrana, dɔmedzoe dzea agbo; ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?
5
Mokaname le gaglãgbe nyo wu amelɔlɔ̃ le adzame.
6
Xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu menye nu baɖa o; ke futɔ ƒe nugbugbɔname nye fuflu.
7
Ƒoɖilae nyɔa ŋu anyitsi; ke dɔwuitɔ la, nu veve ɖe sia ɖe vivia enu.
8
Ame si tra tso eƒe aƒe gbɔ la, le abe xevi si tra tso eƒe atɔ gbɔ yi ʋĩi ene.
9
Ami kple lifi doa dzidzɔ na dzi, nenema ke xɔlɔ̃ ƒe nya vivi nyo wu ame ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo na eɖokui.
10
Mègagblẽ xɔ̃wò alo tɔ́wò xɔlɔ̃ ɖi o, eye mègayi nɔviwò ƒeme gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe dziwò la o. Aƒelika tsɔɖeamegbɔ nyo wu nɔviŋutsu si le adzɔge la.
11
Vinye, dze nunya, eye nàdo dzidzɔ na nye dzi, ale be mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si ɖea alɔ me le ŋunye.
12
Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame manyanu ya ƒoa ta ɖe eme, eye wòkpɔa etɔ nua.
13
Xɔ ame si de megbe na amedzro ƒe awu le esi nàtsɔ ɖo awɔba ɖe ame tutɔ gbɔ.
14
Ame si yra ehavi ŋdi kanya kple ɣli la, woabui nɛ fiƒodee.
15
Nyɔnu dzrewɔla sɔ kple betrɔ si ɖuɖuna, ne tsi gã le dzadzam.
16
Ame si di be yealé avui la, le abe yaƒoƒo nue wòbe yeatsi, eye yeatsɔ yeƒe ɖusi aku amii ene.
17
Gae nyrea ga, eye amee nyrea ehavi.
18
Ame si kpɔa eƒe gboti dzi la, aɖu eƒe kutsetse, eye ame si dzɔa eƒe aƒetɔ ŋu la, woade bubu eŋu.
19
Ale si ŋkume ɖia ŋkume le tsi mee la, nenemae ame ƒe dzi sɔna ɖe ame ŋui.
20
Tsiẽƒe kple aʋlime meɖi ƒo kpɔ o; nenema ke ame ƒe ŋku meɖiƒo kpɔ o.
21
Wodoa klosalo kpɔ le sonu me, eye wodoa sika kpɔ le kpo me, nenema wodoa ame kpɔ, ne wokafui.
22
Ne ètsɔ tati to bometsila kple bli le to me hã la, eƒe bometsitsi la mado le eŋu akpɔ o.
23
Wò alẽha ƒe nɔnɔme nenɔ nyanya na wò nyuie, eye nàlé be na wò lãhawo.
24
Elabe kesinɔnu menɔa anyi ɖaa o, eye fiakuku hã menɔa anyi yi ɖe dzidzimewo katã dzi o.
25
Ne gbe megali o eye gbe fɛ̃wo to, eye woƒo gbewo nu ƒu ɖe towo dzi la,
26
wò alẽviwo ana nàkpɔ wò nudodowo, eye àkpɔ ga tso wò gbɔ̃wo me aƒle agblee.
27
Ekema àkpɔ gbɔ̃notsi fũu na wò nuɖuɖu, na wò aƒemetɔwo ƒe nuɖuɖu kple wò dɔlanyɔnuwo ƒe nunyiame.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31