bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 3
Proverbs 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 4 →
1
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, ke na wò dzi nadzra nye sewo ɖo.
2
Elabe woadzi wò agbe me ŋkekewo ɖe edzi, wò ƒèwo asɔ gbɔ, eye nàkpɔ ŋutifafa.
3
Mègadzudzɔ nuteƒewɔwɔ kple nyateƒetoto gbeɖe o. Tsɔ wo de kɔ; ŋlɔ wo ɖe wò dzi ŋu.
4
Ale Mawu kple amegbetɔwo ave nuwò, eye woakpɔ ŋudzedze le ŋuwò.
5
Ɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu kple wò dzi blibo. Mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o.
6
Wò susu nenɔ Mawu ŋu le wò nuwɔnawo katã me, ekema ana wò mɔ nadzɔ.
7
Mègabu ɖokuiwò nunyalae o. Vɔ̃ Aƒetɔ, eye nàtsri vɔ̃.
8
Esia ada gbe le wò ŋutilã ŋu, eye wòana dzidzeme wò ƒuwo.
9
Tsɔ wò nunɔamesiwo kple wò nuku gbãtɔwo katã de bubu Aƒetɔ ŋu.
10
Ekema nuku ayɔ wò ava, eye wain agbagba le wò ahadzraɖoƒe.
11
Vinye, mègagbe Aƒetɔ ƒe amehehe o; eƒe mokaname megati wò o.
12
Elabe ame si Aƒetɔ lɔ̃ la, eyae wòkaa mo na, abe viŋutsu si gbɔ tɔ́a melɔ̃a nu le o la ene.
13
Ame si ke ɖe nunya ŋu, kpɔa dzidzɔ; ame si ƒe asi su gɔmesese dzi la, kpɔa dzidzɔ.
14
Elabe eme viɖe nyo wu klosalo, eye emetsonu nyo wu sika.
15
Exɔ asi wu dzonu xɔasitɔ. Nu siwo dzroa wò la, ƒe ɖeke mate ŋu ade enu o.
16
Elé agbe didi ɖe ɖusi, eye wòlé kesinɔnu kple bubu ɖe mia.
17
Eƒe mɔwo dzi vivina, eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.
18
Ati si naa agbe la wònye na ame siwo lée ɖe asi la, woyɔa ame siwo lée goŋgoŋ la, be dzidzɔmewo.
19
Nunya Aƒetɔ tsɔ ɖo xexea me gɔme anyii, eye nugɔmesese wòtsɔ li ke dziƒowoe.
20
Eƒe sidzedzee na tɔwo gɔme ŋɔ, eye alilikpowo dza zãmu.
21
Vinye, lé nunya vavãtɔ kple nuwɔwɔ nunyatɔe me ɖe asi; mègana woadzo le wò ŋku dzi o.
22
Ekema woanye agbe na wò luʋɔ kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.
23
Ekema àzɔ dedie le wò mɔ dzi, eye wò afɔ makli nu o.
24
Ne èbɔbɔ nɔ anyi la, màvɔ̃ o. Ne èmlɔ anyi la, alɔ̃ avivi na wò.
25
Ne ŋɔdzi do kpata, alo dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi la, dzika megatso ƒowò o.
26
Elabe Aƒetɔ ŋue nèɖoa ŋu ɖo; mana wò afɔ nage ɖe mɔ̀ me o.
27
Ne àte ŋui la, mègagbe nyuiwɔwɔ na ame si wòdzena la o.
28
Mègagblɔ na hawòvi be: “Yi, nàgbugbɔ ava, etsɔ matsɔe na wò” esime nua le asiwò hafi o.
29
Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi, ame si le gbɔwò le ŋu ɖom ɖe ŋuwò la, ŋu o.
30
Ne ame mewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò o la, mègawɔ dzre kplii dzodzro o.
31
Mègaʋã ŋu sesẽnuwɔla o, eye eƒe nuwɔna aɖeke megadzɔ dzi na wò o.
32
Elabe Aƒetɔ lé fu nu vlo wɔla, ke tsi metoa eya kple nuteƒewɔla dome o.
33
Aƒetɔ ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe dzi; ke eyraa ame dzɔdzɔe ya ƒe nɔƒe.
34
Eɖua fewu le fewuɖulawo ŋu, gake evea ɖokuibɔbɔlawo ya nu.
35
Bubu anye nunyalawo ƒe domenyinu, ke bometsilawo aɖu ŋukpe.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31