bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 18
Proverbs 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 19 →
1
Ame si ɖe eɖokui ɖe aga la, nu si dzroa eya ŋutɔ ko yome wòtina, eye wòtsia tre ɖe nuxɔxlɔ̃ nyui ɖe sia ɖe ŋu.
2
Nugɔmesese medzɔa dzi na lãtɔ o, etɔ gbɔgblɔ koe doa dzidzɔ nɛ.
3
Ne nuvɔ̃ɖi wɔwɔ va la, vlododo hã kplɔnɛ ɖo, eye alɔmeɖeɖe kple ŋukpe kpena ɖe wo ŋu.
4
Amegbetɔ ƒe numenya la, tɔ goglo wònye; nunya ƒe vudo si le dzidzim bababa la hã wònye.
5
Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi alo ate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnu o.
6
Bometsila ƒe numenya dea dzre aƒe, eye eƒe nuƒo hea ameƒoƒo vɛ.
7
Bometsila ƒe nue henɛ dea gbegblẽ me, eye eƒe nu kee nye mɔ̀ si ɖenɛ.
8
Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene; ɖe wodea lã me ke na ame.
9
Alɔ gblɔdɔ wɔla la, dɔgblẽla nɔvi wònye.
10
Aƒetɔ ŋkɔ la, xɔ tsrala sesẽ wònye; ame dzɔdzɔe sína yia eme, eye wònɔna dedie.
11
Kesinɔtɔ ƒe nunɔamesie nye eƒe du sesẽ; ele abe glikpɔ kɔkɔ si le eŋu dzɔm la ene.
12
Hafi ame nadze anyi la, dàdae yɔa eme gbã; ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
13
Ne ame mekpɔ se nya vɔ, hafi ɖo eŋu o la, ezua bometsitsi kple ŋukpe nɛ.
14
Dzidodoe nana be ame nɔa te ɖe dɔléle nu; ke ne dzi ɖe le ame ƒo la, ame kae ate ŋu atsɔe?
15
Nunya sua ame senugɔme si, eye ame nyanu dia sidzedze.
16
Ame ƒe nunanae taa mɔ nɛ, eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo gbɔ.
17
Nuƒola gbãtɔ dzena ame dzɔdzɔe le ʋɔnu; va se ɖe esime nuƒola evelia va ɖea ké le egɔme.
18
Nudzidze nana be dzre kena, eye wòléa avu le hoʋlila sesẽwo dome.
19
Nɔvi si ŋu woda vo ɖo la tri akɔ wu du sesẽ, eye dzre sia wɔwɔ sesẽ abe fiasã ƒe gameti ene.
20
Ame sia ame kpɔa eƒe nuɖuɖu, eye eƒe nuƒometsonue ɖia ƒo nɛ.
21
Ku kple agbe le aɖe si me; ame si nya nuƒoƒo la aɖu emetsonu.
22
Ame si kpɔ nyɔnu ɖe la, kpɔ nu nyui; enye amenuveve tso Aƒetɔ gbɔ nɛ.
23
Ame dahe ɖea kuku; ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu kple adã.
24
Xɔlɔ̃ geɖe dzedze la, ku le eme; ke xɔlɔ̃ aɖewo ya wɔa nuteƒe wu nɔvi gɔ̃ hã.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31