bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 9
Proverbs 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 10 →
1
Nunya tu xɔ; eɖo sɔti adrẽ ɖe eŋu.
2
Etso eƒe lãwo; etɔtɔ eƒe wain vovovoawo, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.
3
Edɔ eƒe dɔlanyɔnuviwo ɖa, ne woaɖado kpo le dua ƒe kɔkɔƒewo be:
4
“Mi ame manyanuwo, miva dze afii!” Egblɔ na movitɔwo be:
5
“Miva ɖu nu, ne miano nye wain si medzro la.
6
Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe; milé gɔmesese ƒe mɔ tsɔ tẽe!”
7
Ame si le fewuɖula ɖɔm ɖo la, ɖe wodzunɛ; ame si le mo kam na ŋutasẽla la, nu vevie wɔnɛ.
8
Mègaka mo na fewuɖula o; fu ko wòalé wò; ke ne èka mo na nunyala la, alɔ̃ wò.
9
Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi. Fia nu ame dzɔdzɔe, agadzi eƒe nunya ɖe edzi.
10
Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze; sidzedze Kɔkɔetɔ lae nye nugɔmesese.
11
Elabe to dzinye la, woadzi wò ŋkekewo ɖe edzi, eye woatsɔ ƒè akpe ƒè na wò.
12
Ne èdze nunya la, ènya nu na ɖokuiwò, eye ne èɖu fewu la, wò ɖekae akpe fu.
13
Nyɔnu movitɔe doa aƒa; gboloe, ŋu mekpenɛ o.
14
Enɔa zikpui dzi le eƒe ʋɔtru nu; enɔa zikpui dzi le dua ƒe kɔkɔƒewo,
15
henɔa ame siwo va yina la, yɔm be:
16
“Movitɔ, va dze afii!” Egblɔna na numanyala be:
17
“Tsi si wofi la, ɖe wòvivina. Vivimenuɖuɖu ɖe wòle ŋanaŋana!”
18
Ke menya be ŋɔliwo le afi ma, eye eƒe ame kpekpeawo le Aʋlime o.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31