bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Proverbs 19
Proverbs 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 20 →
1
Ame dahe wɔnuteƒe nyo wu alakpatɔ tsibome.
2
Sidzedze manɔamesi menyo o, eye ame si le zɔzɔm kple dzitsitsi la, traa mɔ.
3
Ne ame ƒe bometsitsie gblẽ nu le eŋu la, edoa dziku ɖe Aƒetɔ ŋu.
4
Kesinɔnu hea xɔlɔ̃ yeye geɖe ɖe ame ŋu; ke ha kana le ame dahe ŋu.
5
Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o, eye aʋatsokala masí o.
6
Ame geɖewo wɔa ameŋkumenu be yewoadze dɔmenyotɔ ŋu, eye ame sia ame dzea xɔlɔ̃ ame si naa nu ame la.
7
Ame dahe nɔviwo léa fui; ɖe exɔlɔ̃wo agbe megbedede sãa le eŋua? Ne ele wo yɔm hã la, womevana o.
8
Ame dzenunya lɔ̃a eɖokui; ame si dzra gɔmesese ɖo la, nu adze edzi nɛ.
9
Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o, eye aʋatsokala atsrɔ̃.
10
Mele eteƒe be bometsila naɖu agbe vivi, kaka wòava zu be kluvi naɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o.
11
Ame si nya nu la, gbɔa dzi blewuu, eye bubu wònye nɛ be wòaɖe kɔ ɖa ne wowɔ nu gbegblẽ ɖe eŋu.
12
Fia ƒe dɔmedzoedodo ɖe wòle abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu dzaɖegbedzi ene.
13
Vi dzɔlã nye dzɔgbevɔ̃e na tɔ́a, eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsidzadza si mele kekem o la ene.
14
Aƒe kple kesinɔnu nye domenyinuwo tso vi tɔ́wo gbɔ; ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya, Aƒetɔ gbɔ wòtsona.
15
Kuviawɔwɔ ɖe wònana be wodɔa alɔ̃ tsu, eye kuviatɔ la, dɔe wunɛ.
16
Ame si wɔa sedede dzi la, nɔa agbe; ame si metsɔ ɖeke le eƒe agbenɔnɔ me o la, aku.
17
Ame si wɔ dɔmenyo na ame dahe la, do nu na Aƒetɔ; aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.
18
He viwò esime mɔkpɔkpɔ gali; ke mègawɔ susu be yeawui o.
19
Ame si dzi kuna ŋɔdzitɔe la, akpɔ eŋu tohehe, elabe ne èxɔ nɛ la, ɖeko wòagado dziku.
20
Ne woɖo aɖaŋu na wò la, xɔe. Xɔ nufiame si wona wò la be nadze nunya hena etsɔ si gbɔna la.
21
Amegbetɔ wɔa tameɖoɖo geɖe; ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu koe ava eme.
22
Nuteƒewɔwɔ nye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃; ame dahe nyo wu aʋatsokala.
23
Aƒetɔ -vɔvɔ̃ naa agbe. Ame si wòɖi ƒo na la, nɔa anyi le dziɖeɖi me; vɔ̃ aɖeke mawɔe o.
24
Ne kuviatɔ de asi nuɖugba me la, maɖee ade nu me gɔ̃ hã o.
25
Ƒo fewuɖula, bometsila adze aɖaŋu; ka mo na nugɔmesela, adze si nu.
26
Vi si sẽ ŋuta le tɔ́a ŋu, eye wònyà nɔa la, vlodoamela kple ŋukpenanuwɔla wònye.
27
Vinye, ne èdzudzɔ toɖoɖo nufiame la, atra tso sidzedze si fiam wole wò la gbɔ.
28
Ɖasefo yakame ɖea alɔ me le nya dzɔdzɔe ŋu; ame vɔ̃ɖi lɔ̃a nya madzɔmadzɔ gbɔgblɔ.
29
Tohehe li na fewuɖulawo; ƒoƒo li na bometsilawo ƒe dzime.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31