bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 1
Job 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 2 →
1
Ŋutsu aɖe nɔ Uz-nyigba dzi. Eŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame dzɔdzɔe kple fɔmaɖila. Evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nuvɔ̃ɖi.
2
Wodzi viŋutsu adrẽ kple vinyɔnu etɔ̃ nɛ.
3
Eƒe lãhawo ƒe xexlẽme nye: alẽ akpe adrẽ, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃. Dɔla geɖe fũu hã nɔ esi, ale be kesinɔtɔ aɖeke mede enu le ɣedzeƒenyigbawo katã dzi o.
4
Via ŋutsuwo wɔ ɖoɖo, eye wotua aglo ɖua nu le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒeme le ŋkeke vovovowo dzi, eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo hã vanɛ be woava ɖu nu, ano nu kple yewo.
5
Ne dzidzɔkpɔɣi la wu nu gbe sia gbe la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa viawo ŋuti. Efɔna ŋdi kanya ɖasaa numemevɔ ɖe viawo ƒe xexlẽme nu. Egblɔna edziedzi be: “Ðewohĩ, vinyewo anyawɔ nuvɔ̃, eye woado vlo Mawu le woƒe susu me mahĩ.” Ale Hiob wɔa esia edziedzi.
6
Gbe ɖeka la, Mawu viwo va ƒo ƒu ɖe Aƒetɔ ŋkume, eye Satana hã le wo dome va.
7
Aƒetɔ bia Satana be: “Afi ka nètso?” Satana ɖo eŋu be: “Metso tsatsa ge le anyigba dzi. Meɖi tsa le edzi katã.”
8
Aƒetɔ biae be: “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Mokaka mele eŋu o; enye ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri vɔ̃wɔwɔ.”
9
Tete Satana ɖo eŋu na Aƒetɔ be: “Ðe menye nane tae Hiob vɔ̃a Mawu oa?
10
Ðe menye kpɔ nètɔ ƒo xlã eya ŋutɔ, eƒe aƒe kple nunɔamesiwo katã le goawo keŋ me oa? Èyra dɔ siwo wòwɔna, eye nèna eƒe nunɔamesiwo dzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi.
11
Ke ka asi nu siwo katã le esi la ŋu kpɔ be maƒo fi ade wò ŋumakpetɔe oa.”
12
Aƒetɔ gblɔ na Satana be: “Enyo! Eƒe nuwo katã le asiwò me; ɖeko mègaka asi eya ŋutɔ ŋu o.” Ale Satana dzo le Aƒetɔ gbɔ.
13
Gbe ɖeka, eva eme be Hiob viŋutsuawo kple vinyɔnuawo katã le wo nɔvi tsitsitɔ ƒeme le nu ɖum, le nu nom ɖekae.
14
Kasia amedɔdɔ aɖe va Hiob gbɔ va gblɔ nɛ be: “Nyiawo le nu ŋlɔm, eye tedzinɔawo le gbe ɖum le wo xa.
15
Kasia Sabatɔwo va dze wo dzi helé lãawo dzoe. Wowu dɔlaawo katã kple yi. Nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ te ŋu sí va be magblɔe na wò.”
16
Esi amedɔdɔ sia gale nu ƒom la, dɔla bubue nye esi va do. Egblɔ be: “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo va fiã alẽawo kple dɔlaawo keŋkeŋ. Nye ɖeka koe susɔ te ŋu sí va be magblɔe na wò.”
17
Ame sia hã mekpɔ ɖe nu le eƒe nyaa me o, kasia ame bubu va do be: “Kaldea-dzoha hatsotso etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, lé wo dzoe. Wowu dɔlaawo katã kple yi. Nye ɖeka koe susɔ, eye mesí va be magblɔe na wò.”
18
Dɔla sia hã mekpɔ wu eƒe nyaa nu hafi ame bubu hã va do o, be: “Viwòwo katã nɔ nu ɖum, nɔ nu nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒeme.
19
Kasia ahom tu sesĩe tso gbedadaƒo va lɔ xɔ si me wole la ɖe nu hemui ƒu viwoawo dzi gbloo; wo katã woku. Nye ɖeka koe do le eme, eye meva be magblɔe na wò.”
20
Tete Hiob tso, dze eƒe awuwo, lũ ta, tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa
21
be: “Amamae mele do tso nɔnye ƒe dɔme, eye amamae maganɔ adzo! Aƒetɔ ye na; Aƒetɔ ye gaxɔe. Woakafu Aƒetɔ!”
22
Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ vɔ̃ ɖe Mawu ŋu o, eye mebu fɔe hã o.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42