bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 22
Job 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 23 →
1
Tete Elifaz Temantɔ la ɖo eŋu be:
2
“Ðe amegbetɔ ate ŋu aɖe vi na Mawua? Le nyateƒe me la, ne ame nye nunyala la, eya ŋutɔ ko wòɖe vi na.
3
Ne ènye ame dzɔdzɔe la, ɖe wòdoa dzidzɔ na Ŋusẽkatãtɔ laa? Ne mokaka mele wò nuwɔnawo ŋu o la, viɖe ka wònye na Mawu?
4
Wò mawuvɔvɔ̃ ta wòle to hem na wò, eye wòkplɔ wò yi ʋɔnuia?
5
Menye wò nuvɔ̃ɖiwoe keke ta, eye seɖoƒe meli na wò vodadawo tae oa?
6
Elabe èxɔ nu awɔbae le nɔviwòwo si dzodzro. Èɖe awu le numanɔsitɔwo ŋu, wotsi amama.
7
Mèna tsi ame siwo gbafa ƒo la wono o, eye nète abolo dɔwuitɔwo.
8
Alɔkpa sesẽ tɔe xɔa anyigba, eye ame ŋkutae nɔa edzi.
9
Ènya ahosiwo dzoe asi gbɔlo. Èwɔ nu vevi tsyɔ̃eviwo.
10
Eya ta èɖo mɔ̀ dziŋɔ me, eye ŋɔdzi lé wò kpata.
11
Wò kekeli do viviti ale be mègale nu kpɔm o. Tsiɖɔɖɔ nyè tsyɔ dziwò.”
12
“Menye dziƒo ʋĩi ke Mawu le oa? Kpɔ ale si ɣletiviwo gbɔ metsɔ o la ɖa!
13
Ko nèbe: ‘Nu ka Mawu nya? Ðe wòate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu to alilikpo dodowo mea?
14
Alilikpo do xe eŋkume ale be mele nu kpɔm o. Dziŋgɔli ƒe goawo dzi ke wòle tsatsam le.’
15
Blemamɔ si dzi ame vɔ̃ɖiwo zɔ la nèbe yeatoa?
16
Wohe wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de, eye tsi kplɔ woƒe agunu dzoe.
17
Ame vɔ̃ɖi siawo gblɔ na Mawu be: ‘Te ɖa le mía gbɔ! Nu ka Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’
18
Evɔ wònye etsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo taŋ hafi. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede te ɖa sãa tso gbɔnye.
19
Ne esia va eme la, ame dzɔdzɔewo kpɔa dzidzɔ, eye ame maɖifɔwo ɖua fewu le wo ŋu,
20
gblɔna be: ‘Nyateƒe, wotsrɔ̃ míaƒe ketɔwo, eye dzo fiã woƒe nuwo keŋ!’ ”
21
“Wɔ ɖeka kple Mawu, eye ŋuwò afa. To esia me nu nyui asu asiwò.
22
Na Mawu nafia nu wò, eye nàdzra eƒe nyawo ɖo ɖe wò dzime.
23
Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò, ne èdzudzɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ le aƒewò me,
24
ne ètsɔ sika kɔ ɖe ke me, eye nètsɔ Ofir-sika kɔ ɖe kpekui me le tɔʋuwo me,
25
ne Ŋusẽkatãtɔ la nye wò sika kple klosalo xɔasi la,
26
ekema àkpɔ dzidzɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu, eye àwu mo dzi na Mawu.
27
Ne èdo gbe ɖa nɛ la, asee na wò, eye àwɔ wò adzɔgbe si nèɖe la dzi.
28
Ne èɖo nane be yeawɔ la, adze edzi na wò, eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.
29
Elabe Mawu bɔbɔa dàdalawo ɖe anyi; ke exɔna na ame siwo bɔbɔa wo ɖokui.
30
Eɖea ame maɖifɔ la; woaɖe wò esi wò asiwo le dzadzɛ ta!”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42