bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 4
Job 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 5 →
1
Azɔ Elifaz, Temantɔ la gblɔ be:
2
“Ne ame aɖe ƒo nu ɖe, aku dzi na wòa? Evɔ ɖe, ame ka ate ŋu azi kpi?
3
Kpɔ ɖa, èfia nu ame geɖe, eye nèdo ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo.
4
Wò nya léa anyidzela ɖe te, eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.
5
Ke azɔ la, edzɔ ɖe wò ŋutɔ dzi, eye nètsi dzi! Elɔ́ wò ŋutɔ, eye wòwɔ mo yaa na wò.
6
Ðe menye wò Mawu-vɔvɔ̃ lae nye dzideƒo na wò oa? Ðe menye wò agbenɔnɔ fɔmaɖitɔe lae nye wò mɔkpɔkpɔ oa?
7
“Bu eŋu kpɔ! Ðe fɔmaɖila aɖe tsrɔ̃ kpɔa? Afi ka wotsrɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔla le kpɔ?
8
Nyea mekpɔ be ame siwo dea nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, eye woƒãa fuɖename la, eya kee woŋena.
9
Mawu ƒe ƒuƒu tsrɔ̃a wo, eye eƒe dziku ƒe yaƒoƒo naa wo nu yina.
10
Dzata le gbe ɖem, eye wòle gbe tem; ke woŋe aɖu le nu me na dzataviawo.
11
Dzata sesẽ mekpɔ nu alé aɖu o, eku, eye dzatanɔ ƒe viwo ka hlẽ.
12
“Azɔ wofi tofi nam, nye to se dalĩdodoa.
13
Le zã me ŋutega ƒe ŋugblededewo me, esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩi,
14
nye lã me ble fu, dzidzi ƒom, eye medzo nyànyanya.
15
Gbɔgbɔ aɖe ƒo ya to ŋkume nam, eye nye ŋutifu ɖo to.
16
Etsi tsitre ɖe ŋkunye me; ke nyemenya nu si wònye o, Ðoɖoe zi toŋ. Tete gbe aɖe ɖi be:
17
‘Ðe gbetɔ si kuna la ate ŋu anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkumea? Ɖe gbetɔ anye ame dzadzɛ le eƒe Wɔla gbɔa?
18
Kpɔ ɖa, Mawu meɖoa dzi ɖe eƒe dɔlawo gɔ̃ hã ŋu o. Eɖea vodada na mawudɔlawo ke hã.
19
Ale ke wɔ wòaɖo dzi ɖe gbetɔ siwo wowɔ kple tsu ŋu; ame siwo dzɔ tso ʋuʋudedi me, eye ne wote afɔ ɖe wo dzi la, wogbãna abe agbagblaʋui ene laa?
20
Gbetɔ nɔa agbe le ŋdi me, kaka fiẽ naɖo la, megali o. Ebuna nigbii, eye womegadzea sii o.
21
Ne wotso woƒe agbadɔka ɖa la, ɖe womekuna le numanyamanya me oa?’ ”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42