bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 30
Job 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 31 →
1
“Ke egbe la, yonyemeviwo hã le fewu ɖum le ŋunye. Ame siawo la, ne wobe maxɔ wo tɔ́wo, ne woanɔ avuwo ŋu woakplɔ nye alẽhawo gɔ̃ hã la, magbe.
2
Viɖe ka makpɔ le woƒe alɔka me? Ŋusẽ vɔ le wo ŋu keŋ.
3
Hiã kple dɔwuame na agbe vɔ le wo ŋu. Ame siawo kukoa anyigba ƒuƒu si nye gbegbe kple amemanɔƒe la.
4
Wokéa aŋɔto le gbeto, eye dɔli ƒe ɖoɖoa nye woƒe nuɖuɖu.
5
Ame siawo la, wonya wo ɖa le ame dome kple ɣli abe fiafitɔ ene.
6
Ele be woanɔ tɔsisi ŋu, agadowo, ʋewo kple agakpewo me.
7
Woxlɔ̃na le avekɔewo me, eye womimina ɖe wo nɔewo ŋu le aŋɔkawo te.
8
Bometsilawo, ame ɖigbɔwo ƒe viwo wonye. Ame siwo wonyà ɖa kple atam le anyigba dzi la.”
9
“Azɔ ame siawo viwoe kpa ha dem le dzidzim! Mezu hamelo na wo.
10
Mele ŋu nyɔm na wo; wote ɖe megbe tso ŋunye, eye ne wokpɔm la, womegbea taɖeɖe o.
11
Esi Mawu gbɔdzɔ nye dati ƒe ka me, hebɔbɔm ɖe anyi ta, woawo hã le nunye ɖiam.
12
Yakamewo to nye ɖusime tutum ƒu anyi, eye wodi mɔnu be yewoagblẽ donye me.
13
Woxe mɔ nam, wona nye dzɔgbevɔ̃e dzi ɖe edzi; ame aɖeke megbe nya na wo o.
14
Woto gbagbãƒe lũ ɖe dzinye, eye woƒo ɖe dzinye le ʋunyaʋunya me.
15
Ŋɔdzi lém. Woti nye bubu yome abe yaƒoƒo ene, eye nye dzidzedze bu abe alilikpo ene.”
16
“Evɔ nam azɔ; medɔ̃! Fukpekpe ɖi kpem!
17
Zã le nu tɔm nye ƒuwo tome eye vevesese le kukoyem madzudzɔmadzudzɔe.
18
Elé awu ɖe ŋunye sesĩe eye wòmia dziwui ɖe ve nam.
19
Mawu tsɔm xlã ɖe ba me; mezu ke kple dzowɔ.
20
Medo ɣli yɔ wò; metɔna nam o. Metso tsi tsitre ɖi, gake mede nu eme nam o.
21
Ètrɔ zu ŋutasẽla ɖe ŋunye, eye nètsɔ wò ŋusẽ katã le yonyeme timee.
22
Èlém ɖe ya nu, eye ahom nyamam heƒom dzoe.
23
Menya nyuie be àkplɔm ayi kuwode kple aƒe si wotia na agbagbeawo katã la me.”
24
“Ne ame le to yim la, ɖe medoa asi ɖe dzi oa? Ne ame ɖo dzɔgbevɔ̃e me la, ɖe medoa boboe oa?
25
Ðe nyemefa avi ɖe ame si ɖo ɣeyiɣi sesẽ me la ŋu kpɔ oa? Ðe nyemexa nu ɖe ame si hiã tu ŋu kpɔ oa?
26
Ke esi mekpɔ mɔ na dzɔgbe nyui la, dzɔgbevɔ̃e ɖi kpem. Mekpɔ mɔ na kekeli; ke vivitie dó.
27
Nye dzi le tsotsom madzudzɔmadzudzɔe. Fukpeŋkekewo ƒo ɖe dzinye.
28
Mele zɔzɔm le viviti me, ke menye ɣe ye wɔe o. Metso le boboe dom le dutakpekpe me be woaxɔ nam.
29
Mezu akpataku nɔvi kple tsatsaboli hati le konyifaɣli dom.
30
Nye ŋutigbalẽ nyɔ vìi hele fofom; nye lã me dze dzo ʋuu, nye ƒuwo fiã gɔ̃.
31
Nye gakasaŋku le konyifagbe dom, eye nye kpẽkuku ɖina avigbee.”
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42