bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 3
Job 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 4 →
1
Mlɔeba Hiob va ke nu, eye wòƒo fi de eƒe dzigbe.
2
Hiob gblɔ be:
3
“Neɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpékpekpe! Neɖi zã si gblɔ be, ‘Wofɔ ŋutsuvi ƒe fu’ ŋu kpékpekpe!
4
Ŋkeke ma nedo viviti; Mawu le dziƒo negabia eta o, eye kekeli nagaklẽ ɖe edzi gbeɖe o!
5
Viviti kple blukɔ nexɔe. Alilikpowo netsyɔ edzi; zãdokeli nedo ŋɔdzi nɛ!
6
Zã ma ya la, viviti tsiɖitsiɖi nexɔe keŋ; megadzɔ dzi le ƒea ƒe ŋkekewo dome o, womegaxlẽe ɖe dzinu aɖeke ƒe ŋkekewo me o.
7
Nyɔnu nagafɔ fu le zã ma me azɔ o; dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o.
8
Ame siwo ƒoa fi dea ŋkeke, eye wosaa gbe doa Livyatan la, neƒo fi de zã sia.
9
Eƒe ŋukeɣletiviwo nado viviti. Nekpɔ mɔ na kekeli, gake ɖeke negado o. Negakpɔ agudzedze o.
10
Nenɔ na zã ma alea elabe mexe nɔnye ƒe vidzidɔ nu o, eye mena fukpekpe siawo to nunye yi o.”
11
Hiob yi edzi be: “Nu ka ta nyemeku ɖe vidzidɔ me alo esi wodzim tetee la o?
12
Nu ka ta menɔ akɔ? Nu ka ta meno no?
13
Ne ɖe meku kpoo ɣe ma ɣi la, anye ne fifia mevo.
14
Anye ne nye kple fiawo kpakple adaŋudela siwo gbugbɔ blemafiasãwo tu na wo ɖokui lae anɔ teƒe ɖeka.
15
Alo nye kple fiavi siwo si sika le, ame siwo lɔ klosalo kɔ ɖe woƒe xɔwo me, woyɔ taŋ la anɔ teƒe ɖeka.
16
Nu ka ta nyemenye fu gege, alo vidzĩ si mekpɔ kekeli kpɔ oa?
17
Tsiẽƒe, afi mae ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa fuɖeɖe na ame le, eye ame siwo ŋu ɖeɖi te la, kpɔa gbɔdzɔe le.
18
Gamenɔlawo hã gbɔna ɖe eme ɖekae, amedzizila aɖeke megabluna ɖe wo ta o.
19
Amegã kple ame gblɔe ɖe sia ɖe sɔ le afi ma; kluvi vo tso eƒe aƒetɔ si me.
20
“Nu ka ta nèna kekeli ame si le fu kpem, eye nèna ame si ƒe luʋɔ se veve gale agbe?
21
Ku le ame siawo dzrom, ke mele vavam o. Wole ku dim vevie abe kesinɔnu si woɣla ɖe anyigba tume ke la kum wole ene.
22
Woati kpo, atso aseye ne wokpɔ yɔdo la.
23
Nu ka ta wona kekeli ame si ƒe mɔ bu, ame si ŋu Mawu tɔ kpɔ ɖo laa?
24
Nye hũɖeɖe xɔ nuɖuɖu teƒe, eye nye ŋeŋe le kɔkɔm ɖi abe tsi ene.
25
Elabe nu si mevɔ̃na lae wɔm, eye nu si dzia ŋɔ nam lae dzɔ ɖe dzinye.
26
Nyemekpɔ dzidzeme, gbɔɖeme alo gbɔdzɔe aɖeke o; fukpekpe dzi ko mele.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42