bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 24
Job 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 25 →
1
“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ meɖoa ʋɔnudrɔ̃ɣi ɖi o? Nu ka ta ame siwo dze sii la, menya eƒe ŋkeke ɖoɖiwo o?
2
Amewo trɔa liƒowo. Wodaa dzo amewo, fia woƒe lãhawo ɖanyina.
3
Wofia tsyɔ̃evi ƒe tedzi, kplɔnɛ dzonae, eye woxɔa ahosi ƒe nyitsu le esi ɖe fe nu.
4
Wotua asi ame dahewo ɖa le mɔ dzi, eye anyigba la dzi hiãtɔwo katã sína ɖabèna.
5
Kpɔ ɖa, wodzona ɖoa gbe abe gbetedzi ene, ɖadia nuɖuɖu le gbedadaƒo na wo viwo.
6
Woŋea nu le ame bubu ƒe agble me, eye wofɔa nu siwo woxa nu vɔ gblẽ ɖi la le ame vɔ̃ɖi ƒe waingble me.
7
Zã me la, womlɔa anyi amama, avɔ makpɔe, eye naneke mele wo si woatsyɔ, ne vuvɔ le wɔwɔm o.
8
Tsi gãwo ƒoa wo le towo dzi tea wo ŋu; wokplana na agakpe elabe beɖoƒe aɖeke meli na wo o.
9
Amewo li daa adzo, xɔa viŋutsuvi si tɔ́a ku la le nɔa ƒe no nu, eye woxɔa ame dahe vi awɔbae ɖe fe nu.
10
Ame dahewo le yiyim amamae, awu mele wo ŋu o. Wolé amewo ƒe lu bablawo ɖe ta, gake dɔ le woawo ŋutɔ wum.
11
Wole ami ɖam le ame vɔ̃ɖiwo ƒe amiɖaƒe; wole wain fiãm le wainfiãƒe gake tsikɔ le wo wum.
12
Kudɔƒolawo le ŋeŋem le duwo me; ame siwo ŋu wode abii le ɣli dom be woaxɔ na yewo, gake Mawu meléa to ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu o.”
13
“Amewo li, siwo lé fu kekeli, agbenɔnɔ le gaglãgbe mema wo o; womezɔa mɔwo dzi le ŋkeke me o, eye wometoa mɔ si dzi kɔ la dzi o.
14
Hlɔ̃dola fɔna hafi fɔŋli naɖo; ewua ame dahe kple hiãtɔ. Le zã me la, ewɔa nu abe fiafitɔ ene.
15
Ŋutsu ahasitɔ le mɔ kpɔm be zã nedo, eye wògblɔna be: ‘Ame aɖeke makpɔm dze sii o’, eye wòtsyɔ nu mo.
16
Wodzea zã ɖe aƒewo ŋu. Ŋkeke me la, wodoa ʋɔ ɖe wo ɖokui nu, eye womenyaa kekeli o. Elabe wo katã la,
17
viviti tsiɖitsiɖi le na wo abe agudzedze ene, eye wodze xɔlɔ̃ zãblukɔ me ŋɔdzi.”
18
“Ègblɔ be: ‘Ame vɔ̃ɖi la ɖi aɖa fefee si le du dzi le tɔ ŋgɔ. Woƒo fi de etɔ gome le anyigba dzi, eye ahafiala aɖeke megatoa eƒe waingblemɔ o.
19
Abe ale si kuɖiɖi kple dzoxɔxɔ noa tsikpe kabae ene la, nenema ke tsiẽƒe hã noa nuvɔ̃wɔlawoe.
20
Woŋlɔ wo be le kpɔdomeewo le dua me, eye womegaɖoa ŋku wo ŋkɔ dzi o. Ale woaŋe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ abe ati ene.’
21
Ame siawo nɔa agbe ɖe konɔwo dzi, eye womewɔa dɔmenyo na ahosiwo o.
22
Ke Mawu didia ŋusẽtɔ la ƒe agbe ɖe edzi, eye ame siwo megakpɔ mɔ be yewoatsi agbe o la hã gafɔna ɖe tsitrenu.
23
Enana be wonɔna dedie, eye woziɔna ɖe eŋu; woléa ŋku ɖe woƒe nuwɔnawo ŋu tsitotsito.
24
Wodoa wo ɖe dzi vie ko, tete wo nu va yina, eye wobuna vĩ abe ame bubuwo ene. Woɖea wo ɖa abe ale si wotsoa ta le mɔli nu ene.
25
Ne mele alea o la, ame kae aɖe aʋatso nam, eye wòafia be nya aɖeke mele asinye o?’ ”
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42