bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 34
Job 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 35 →
1
Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be:
2
“Mi nunyalawo, mise nye nyawo; mi nugɔmeselawo, milé to ɖe ŋunye
3
elabe to sea nyakpɔna abe ale si veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene.
4
Mina míatia nu dzɔdzɔetɔ na mía ɖokui, eye míaɖo kpe nu nyuitɔ dzi le mía dome.
5
Elabe Hiob be: ‘Tɔnye dzɔ, ke Mawu gbe afiatsotso nam.
6
Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum aʋatsokalae. Nyemeda vo o, gake wode abi makumaku ŋunye.’
7
Ame kae le abe Hiob ene? Edoa ɖiŋu na ame abe ale si wonoa tsii ene.
8
Edea ha kple ame vlowo, eye eya kple ame vɔ̃ɖiwoe le afɔ ɖeka dzi.
9
Elabe egblɔ be: ‘Viɖe mele xɔlɔ̃dzedze Mawu me o.’ ”
10
“Eya ta, mi tamebulawo, milé to ɖe ŋunye! Mawu mawɔ nuvɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖegbeɖe o!
11
Boŋ la, Mawu xea fe na amegbetɔ ɖe eƒe nuwɔna nu, eye ame ƒe agbenɔnɔ yomedzenu vaa eya ŋutɔ dzi.
12
Nyateƒe, Mawu mewɔa nuvɔ̃ɖi o, eye Ŋusẽkatãtɔ la metea nya dzɔdzɔe ɖe to o.
13
Ame kae tsɔ anyigba de asi nɛ? Ame kae ɖo xexeme blibo la gɔme anyi?
14
Ne wòbe yeatrɔ axɔ yeƒe gbɔgbɔ, eye yeagbugbɔ alɔ agbegbɔgbɔ katã ɖe ye ɖokui me la,
15
nu gbagbewo katã atsrɔ̃, eye amegbetɔ agazu ke.”
16
“Ne èsea nu gɔme la, ekema ɖo to nya si gblɔm mele.
17
Ðe ame si lé fu nya dzɔdzɔe la, ate ŋu anye dziɖulaa? Ðe nàdi be yeabu fɔ dzɔdzɔetɔ, ŋusẽtɔ laa?
18
Eyae gblɔna na fia be: ‘Yakame!’, eye wòyɔa dziɖula be: ‘Ame vɔ̃ɖi!’
19
Gawu la, mekpɔa dziɖulawo ŋkume o, eye medea kesinɔtɔwo dzi ɖe ame dahewo ŋu o, elabe wo katã la, eƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.
20
Wokuna kpata. Le zã titina la, woʋuʋua wo, eye wo nu yina. Woɖe ŋusẽtɔwo ɖa, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o.”
21
“Elabe Mawu ƒe ŋku le amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòkpɔa eƒe afɔɖeɖewo katã.
22
Viviti tsiɖitsiɖi alo blukɔ aɖeke meli si me vɔ̃wɔla abè ɖo o.
23
Mawu meɖoa ŋkeke na amegbetɔ be wòava ʋɔnu le ye ŋkume o.
24
Egbãa ŋusẽtɔwo gudugudu nya gɔme makumakui, eye wòɖoa bubuwo wo teƒe.
25
Esi wònya woƒe nuwɔnawo ta la, etua asi wo ƒua anyi le zã me, eye wogbãna gudugudu.
26
Woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta eƒoa wo le dutoƒo;
27
elabe wode megbe le eŋu, eye wometsɔ ɖeke le eƒe seawo me o.
28
Ale wonana be ame dahewo ƒe ɣlidodo dea egbɔ, eye wòsea ame siwo wole funyafunya wɔmee la ƒe ɣli.
29
Ne ezi kpoo la, ame kae abu fɔe? Ne eɣla eƒe mo la, eɖanye dukɔ o, eɖanye ame ɖeka o, ame kae ate ŋu akpɔe?
30
Ewɔ esia bene mawumavɔ̃lawo alo ame siwo trea mɔ̀ na ame la, nagaɖu fia o.”
31
“Ne ame aɖe agblɔ na Mawu be: ‘Tohehea té ŋunye, nyemagawɔ nuvɔ̃ o.
32
Nu si kpɔm nyemele o la, fiam. Meda vo, nyemagawɔe o’ la,
33
le wò, ame si gbe Mawu ƒe nyametsotso la, ƒe susu nu ɖe, ɖe woagahe to na ame sia? Wòe atso nya sia me. Nya si le asiwò la, gblɔe míse.
34
Nugɔmesela kple nunyala siwo le to ɖomem la agblɔ be:
35
‘Hiob menya nu si gblɔm wòle o. Susu mele eƒe nyawo me o.’
36
Ðe wòle be woadrɔ̃ ʋɔnu Hiob tsitotsito aɖase eseƒe hafi elabe eƒe ŋuɖoɖowo le abe vɔ̃wɔla tɔ ene.
37
Elabe etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nuvɔ̃wo ŋu. Ele asi kpoloe ƒom, eye wòle nya geɖe gblɔm ɖe Mawu ŋuti le mía ŋkume.”
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42