bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 17
Job 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 18 →
1
Nu té nye gbɔgbɔ ŋu, eye nye ŋkekewo de vɔ; yɔdo koe le dzɔyem.
2
Nyateƒe, amekolawoe ɖe to ɖem. Nye ŋku le woƒe dzikudoname ŋu.”
3
“Mawu, dè megbe nam le ɖokuiwò gbɔ, ne mado le nya me. Ame ka gɔ̃e gali ade megbe nam?
4
Èwɔe be womase nu gɔme o, eya ta mègana woaɖu dzi o.
5
Ame si tsia tre ɖe xɔlɔ̃awo ŋu be yeakpɔ gome le woƒe nunɔamesiwo me la, viawo ƒe ŋku abiã.”
6
“Etsɔm do hameloe na dukɔwo, eye amewo le ta ɖem ɖe mo nam.
7
Mexa nu ʋuu nye ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o. Nye ŋutinuwo zu abe vɔvɔli ene.
8
Esia na be ame dzɔdzɔewo ƒe nu ku, eye ame maɖifɔ do dziku ɖe Mawumavɔ̃la ŋu.
9
Ke hã la, nu dzɔdzɔe wɔla anɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzi, eye ame dzadzɛ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
10
Ke miawo la, ne mi katã mietrɔ gbugbɔ va nya la gbɔ la, nyemele nunyala aɖeke kpɔ ge le mia dome o.
11
Nye ŋkeke de; nye dzime didi kple ɖoɖowo me gblẽ.
12
Wotrɔ viviti zu ŋkekee. Wogblɔ le kekeli ŋu be egogo viviti.
13
Ne meɖo ŋu ɖe tsiẽƒe ŋu abe nye aƒe ene, ne meɖo aba ɖe viviti me,
14
ne meyɔ yɔdo be: ‘Tɔ́nye’, eye meyɔ nyéwo be: ‘Nɔnye’ alo ‘Nɔvinye nyɔnu’ hã la,
15
afi ka nye mɔkpɔkpɔ le? Ame kae akpɔ be mɔkpɔkpɔ gale asinye?
16
Ðe nye mɔkpɔkpɔ akplɔm yi ʋɔnu le tsiẽƒea? Afɔ ɖeka dzie nye kplii míazɔ ayi ke mea?”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42