bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 33
Job 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 34 →
1
“Hiob, azɔ se nye nuƒoa, eye nàlé to ɖe nye nyawo katã ŋu.
2
Kpɔ ɖa, medzra ɖo be maƒo nu; nye aɖe le klalo be yeaɖe nyawo ɖe go.
3
Nye nyawo tso dzi dzadzɛ me, eye nunya vavã le nye nume nyawo me.
4
Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, eye Ŋusẽkatãtɔ ƒe gbɔgbɔe na agbem.
5
Ne ele ŋuwò la, ɖo eŋu nam; nɔ klalo kple wò nyawo, eye nàdze avu ɖi.
6
Kpɔ ɖa, nye kple wò ɖe míesɔ le Mawu ŋkume. Tsu woka me nye kple wò siaae.
7
Eya ta mele be nàvɔ̃m alo abu be mate ɖe ye dzi o.”
8
“Nyateƒe, èƒo nu mese, eye wò nyawo hã ɖi le nye to me.
9
Èbe: ‘Medza, dzidada mele ŋunye o; ŋunye kɔ, eye nyemeda vo aɖeke o.
10
Kpɔ ɖa, Mawu kpɔ nane le ŋunye; ebum futɔe.
11
Ede nye afɔ atikpofɔblanu kpekpe me, eye wòle ŋku lém ɖe nye nuwɔna ɖe sia ɖe ŋu.’ ”
12
“Kpɔ ɖa, maɖo nya sia ŋu na wò. Tɔwò medzɔ le esia me o. Mawu kpè wu gbetɔ.
13
Nu ka ta nèle nya ʋlim kplii be meɖo yeƒe nya aɖeke ŋu na ye o?
14
Mawu ƒoa nu le mɔ vovovowo dzi gake amewo medea dzesii o.
15
Le zã me ne amewo le aba dzi dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la, wokua drɔ̃e alo kpɔa ŋutega.
16
Mawu ʋua to na amegbetɔwo, eye wòdoa vɔvɔ̃ na wo kple eƒe nyagbename.
17
Ewɔa esia bene yeatrɔ wo ɖa le woƒe nuwɔnawo gbɔ, eye yeaɖe dàda ɖa le ame me.
18
Ale wòxɔa eƒe agbe le yɔdo si me, eye meyia kuwode o.”
19
“Wotsɔa vevesese hã hea to na ame le dɔba dzi, eye eƒe ƒuwo me nɔa eɖum ƒùƒuƒu.
20
Nuɖuɖu megadzronɛ o; eƒe nuɖuɖu lɔlɔ̃tɔ gɔ̃ hã nyɔa ŋu nɛ.
21
Eɖia ku; lã vɔna le eŋu keŋ, eye ƒu siwo medzena tsã o la, dona ɖe go glaŋ.
22
Ale eƒe agbe gogoa yɔdo, eye wòte ɖe ku Saɖagatsi ŋu.
23
Ke ne dɔla akpeakpeawo dome ame ɖeka, si nye xɔnametɔ va be yeafia mɔnu nyuitɔ amea,
24
eye wòve enu gblɔ be: ‘Ðee! Mègana wòayi kuwode o. Mekpɔ etafe axe. Ɖe asi le eŋu.
25
Na wòakpɔ lã me; ŋusẽ nagaɖo eŋu, eye wòagaɖo ɖekakpuime’ la,
26
ekema dɔnɔa ado gbe ɖa na Mawu. Mawu axɔe. Ava eŋkume kple dzidzɔ, axlẽ eƒe xɔname afia amewo.
27
Adzi ha le amewo dome be: ‘Mewɔ nuvɔ̃. Metrɔ nya dzɔdzɔe ta tu; gake Mawu meɖo eteƒe nam o.
28
Exɔm ɖe agbe, nyemeyi yɔ me o. Maganɔ agbe, akpɔ kekeli.’ ”
29
“Kpɔ ɖa, edziedzi la, Mawu wɔa nu siawo katã na amegbetɔ
30
bene yeaɖee tso aʋlime si me ne wòaganɔ agbe, akpɔ kekeli.
31
Hiob, da ŋku ɖi! Zi ɖoɖoe nàɖo tom, ne maƒo nu.
32
Ne nya le asiwò la, gblɔe mase, elabe medi be matso afia na wò.
33
Gake ne meli o la, zi ɖoɖoe, nàɖo tom, eye mafia nunya wò.”
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42