bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 16
Job 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 17 →
1
Tete Hiob ɖo eŋu be:
2
“Mese nya siawo tɔgbe zi geɖe. Akɔfala siwo miebe yewonye la, veve ko dzim ɖe edzi mi katã miele nam.
3
Nu kpoloe ƒoƒoa mevɔ kpɔ oa? Nu kae dɔ wò nèle nu ƒom alea gbegbe?
4
Nenye miawoe le tenyeƒe la, anye ne nye hã matsi nya ɖe nya nu ɖe mia ŋu alea ke. Maʋuʋu ta, ada mi ɖe anyi.
5
Maƒo nu ade dzi ƒo na mi, eye magblɔ nya geɖe afa akɔe na mi.”
6
“Ne meƒo nu la, nye vevesesea dzi maɖe o, eye ne mezi ɖoɖoe hã, mafa nam o.
7
Le nyateƒe me la, Mawu na ŋusẽ vɔ le ŋunye keŋ azɔ. Ena metsi akogo.
8
Ena meɖi ku, lé anyi; esia nye ɖaseɖiɖi ɖe ŋunye, eye wòle dzedzem le mo nam. Nye kaɖiɖi le tsitre ɖe ŋkunye me le nya tsɔm ɖe ŋunye.
9
Mawu do dɔmedzoe ɖe ŋunye, eye wòvuvum. Elé fum. Eɖu aɖukli ɖe ŋunye, eye wòklẽ ŋku dom abe nye futɔ ene.
10
Wodo ɣli gblɔ nya vlowo ɖe ŋunye; woƒo tome nam fewuɖutɔe, eye wova sɔ ɖe ŋunye.
11
Mawu gblẽm ɖe mawumavɔ̃lawo si me, eye wòtsɔm de asi na ame vɔ̃ɖiwo.
12
Mele ŋutifafa me, ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye wòŋem ɖe eve. Tete wògbãm gudugudu. Elé ve nam, eye wòxlãm ɖi mekaka ʋayaʋaya. Etsɔm ɖo nudzidzea na eɖokui.
13
Eƒe aŋutrɔdalawo ƒo xlãm. Efé nye ayikuwo me nublanuimakpɔtɔe. Etrɔ nye vevee kɔ ɖe anyigba.
14
Elũ ɖe dzinye abe asrafo ene, eye wòde abi ŋunye gadee ake.
15
Metɔ akpanya ɖe nye ŋutigbalẽ ŋu, eye metsɔ nye ŋusẽ katã de ʋuʋudedi me.
16
Mefa avi ʋuu nye mo do ʋusrã, eye viviti tsiɖitsiɖi do ɖe nye ŋku dzi.
17
Evɔ la, nyemesẽ ŋuta le ame aɖeke ŋu o, eye nye gbedodoɖa dza.”
18
“O, Anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o. Na nye ɣli nade afi sia afi.
19
Kpɔ ɖa, fifi gɔ̃ hã, nye ɖasefo le dziƒo, eye ame si ƒoa nu, ʋlia tanye la le afi ma.
20
Konyelawo la, xɔ̃nyewoe. Mele aɖatsi fam na Mawu
21
be wòana gbetɔ ƒe nya dzɔdzɔe nadze le eŋkume, abe ale si amegbetɔ tsòna na ehavi ene.
22
Elabe nye ƒe ʋɛawo le dedem, eye madze mɔ aɖo ta demagbɔnugbe.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42