bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 31
Job 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 32 →
1
“Mebla nu kple nye ŋku. Ale ke wɔ magatsɔ ahiãŋku anɔ ɖetugbi kpɔmee?
2
Nu kae ate ŋu anye nye gome tso Mawu le dzi? Nu kae ate ŋu anye nye domenyinu tso Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ?
3
Menye nu madzɔmadzɔ wɔlae tsrɔ̃na, eye nuvɔ̃ɖi wɔla dzie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖo oa?
4
Ðe Mawu mele nye agbenɔnɔ kpɔm oa? Ðe meléa ŋku ɖe nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu oa?
5
Ne menɔ agbe alakpatɔe, alo nye afɔ tsɔ ɖe amebeble ŋu la,
6
mina woadam le nudanu nyuitɔ dzi, ne Mawu nadze si nye nuteƒewɔwɔ.
7
Ne medze ɖa le mɔa dzi nye ŋkuwo kplɔ nye dzi trae, eye ɖi bé ɖe asi ŋu nam la,
8
ekema ne maƒã nu la, ame bubu neɖui. Woneho nye nukuwo kple ke.”
9
“Ne nye dzi trɔ ɖe nyɔnu ŋu, eye mede xa ɖe hanyevi ƒe ʋɔtru xa la,
10
srɔ̃nye netu wɔ na ame tutɔ, eye ame tutɔwo nedɔ kplii.
11
Elabe nu sia nye ŋukpenanu gã, eye wònye se dzi dada le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume.
12
Ẽ, dzobibi wònye; efiãa nu yia keke tsiẽƒe ke. Afiã nu siwo katã nye tɔnye la keŋ.”
13
“Ne nye dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu ƒo koko nam, eye nyemekpɔ nyaa gbɔ nɛ nyuie o la,
14
nu ka mawɔ ne Mawu tso? Ne edzro nya la me kpɔ la, ale ke maɖo eŋu nɛ?
15
Ðe menye ame si wɔm ɖe dɔ me la kee wɔ eya hã oa? Ðe menye ame ɖekae me mí ɖe vidzidɔ me oa?”
16
“Ðe ame dahe aɖe bia num, metee kpɔ, alo ɖe mena dzi ɖe le ahosi ƒo kpɔa?
17
Ðe nye ɖeɖe meka nu ɖu kpɔ, eye nyemeka na tsyɔ̃evi oa?
18
Elabe nyee nye tɔ́ nɛ tso eƒe ɖevime ke, eye mefia afɔɖoƒee tso nɔa ƒe dɔme ke.
19
Ne mekpɔ kotɔ wòle kukum, elabe awu mele eŋu o, alo ame dahe si ŋu avɔ mele o la,
20
ɖe nye alẽwo ƒe fuwu medea dzo lã me nɛ, eye wòdaa akpe nam tso dzime ke oa?
21
Ne medo asi ɖe mo na tsyɔ̃evi elabe ame ade dzinye le ʋɔnu la,
22
ekema nye abɔgba netra le nye abɔta, eye nye abɔ netu ɖa le ekpeƒe!
23
Nu si ta mewɔ esiawo lae nye be mevɔ̃ Mawu ƒe tohehe dziŋɔ la, eye le Mawu ƒe gãnyenye ta, nyemate ŋu awɔ nuvɔ̃ siawo o.”
24
“Nyemeɖo dzi ɖe sika ŋu, alo ɖo ŋu ɖe sika nyuitɔ ŋu kpɔ o.
25
Nyemeda ɖe nye kesinɔnuwo dzi kpɔ alo be metsɔ asi wɔ dɔ kpɔ nu geɖe o.
26
Nyemesubɔ ɣe kple eƒe keklẽ alo dzinu kple eƒe nyonyo kpɔ o.
27
Ame aɖeke meblem megbugbɔ asi ɖo ɖe wo kpɔ o.
28
Ne mewɔ esiawo ƒe ɖe la, enye vɔ̃ mewɔ eye medze na ʋɔnudɔdrɔ̃, elabe megbe nu le Mawu, dziƒotɔ la gbɔ.”
29
“Ðe metso aseye esime nye futɔ dome gblẽ alo dzɔ dzi ne vɔ̃ dzɔ ɖe edzia?
30
Kpao! Nyemewɔ nuvɔ̃ ke nu, di ku nɛ kpɔ o.
31
Ðe aƒenye me tɔwo mebiana be: ‘Ame kae li si mekpɔ nu ɖu kpɔ o?’
32
Amedzro metsi xexe dɔ kpɔ le gbɔnye o; mexɔ mɔzɔla ɖe aƒenye me ɣe sia ɣi.
33
Nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi abe amegbetɔ ene o, eye nyemeɣla nye nuvɔ̃wo ɖe akɔ nu o.
34
Elabe dzidzi ƒoam le ameha gãwo ŋkume, eye ƒometɔwo ƒe dzudzu dzia ŋɔ nam ale be mezia ɖoɖoe hetsia xɔ me madomadoe.
35
O, ame aɖe nese nye nya nam dzro la! Meƒo nu vɔ! Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam. Nunyetsola hã netsɔ eƒe samagbalẽ vɛ.
36
Nyateƒe, ne etsɔe vɛ la, madae ɖe abɔta; maxatsae ɖe ta abe fiakuku ene.
37
Magblɔ nu sia nu si mewɔ la nɛ. Mazɔ abe amegã ene ayi egbɔ.
38
Ne nye agble le ɣli dom ɖe tanye, eye eƒe bowo katã le avi fam nam hoo,
39
ne meɖu agblea me nuku aɖe femaxee, eye mena agbletɔ ku la,
40
ŋu nemie ɖe lu teƒe, eye gbe vɔ̃e nemie ɖe ƒo teƒe.” Hiob ƒe nyawo vɔ.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42