bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 19
Job 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 20 →
1
Tete Hiob ɖo eŋu be:
2
“Ɣe ka ɣi miawɔ funyafunyam ase ɖo? Ɣe ka ɣi miatsɔ nyawo agbãm nyànyanya ase ɖo?
3
Kpɔ ɖa, zigbɔzi ewo sɔŋ miedzum. Ŋu mekpe mi be yewoda vo ɖe ŋunye oa?
4
Ne ele me be meda vo gɔ̃ hã la, nye vodada nye nye ŋutɔ ƒe agba.
5
Nenye nyateƒee miele mia ɖokui dom ɖe dzi be yewonyo wum, eye be nye ŋukpe tso nye ŋutɔ gbɔ la,
6
minya nyuie be Mawue bu fɔm, eye wòda ɖɔ lém.
7
Kpɔ ɖa, medo ɣli be: ‘Evɔ nam loo!’ Ame aɖeke metɔ nam o. Medo boboe; ke ame aɖeke metso xɔ nam o.
8
Etɔ kpɔ xe mɔ nam; afi aɖeke toto meli o; ena viviti do ɖe nye mɔ dzi.
9
Eklo bubu ɖa le ŋunye, eye wòɖe fiakuku le ta nam.
10
Egbãm nyànyanya, nunye va yi, eye wòɖe nye mɔkpɔkpɔ ɖa abe ati si woho kple ke la ene.
11
Mawu do dɔmedzoe ɖe ŋunye vevie, eye wòbum eƒe futɔe.
12
Eƒe aʋakɔwo ƒo ƒu, lũ ɖe dzinye. Woɖe mɔ ɖe ŋunye, eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye aƒe ŋu va kpe.”
13
“Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye sãa, eye mezu amedzro na xɔ̃nyewo.
14
Ƒonyemewo kple xɔ̃nye veviwo gblẽm ɖi.
15
Nye amedzrowo, ẽ, nye dɔlanyɔnuwo gɔ̃ hã le buyem amedzroe, eye mezu ame manyamanya na wo.
16
Meyɔ nye dɔlaŋutsu, metɔ o; wòle be make nu aƒo koko nɛ.
17
Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe srɔ̃nye, eye mele ya ɖem ɖe nye ŋutɔŋutɔ vinyewo.
18
Ðevi suewo gɔ̃ hã do vlom, eye ne metso la, wole nu ƒom le ŋunye.
19
Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo, eye ame siwo melɔ̃ la tso ɖe ŋunye.
20
Nye ŋutigbalẽ kple lãkusi lé ɖe nye ƒuwo ŋu; mekpɔ ku ŋkume kple ŋkume.
21
Xɔ̃nyewo, mive nunye! Mive nunye dzro la! Elabe Mawu ƒe asi ka ŋunye.
22
Mawu le yonyeme tim, nu ka ta miawo hã miaganɔ yonyeme tim? Ðe nye ŋutilã meɖi ƒo na mi oa?”
23
“O, ɖe ame aɖe aŋlɔ nye nu me nya siawo ɖi hafi; ɖe woade wo agbalẽ me.
24
Ðe woatsɔ nuŋlɔga ata wo ɖe agakpe dzi, eye woatsɔ tsumi ade wo me. Ekema woanɔ anyi tegbee.
25
Ke nye la, menyae be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi,
26
eye ne wovuvu nye ŋutigbalẽ ʋayaʋaya ale hã la, manɔ nye ŋutilã me akpɔ Mawu.
27
Makpɔe tututu. Nye ŋutɔ nye ŋkue akpɔe, menye ame tutɔ tɔ o. Nu te nye dzi ŋu le menye.
28
Ne miegblɔ be: ‘Ale ke míati eyome? Nya la ƒe dzɔtsoƒe le egbɔ.’
29
Mivɔ̃ yi, elabe dɔmedzoe hea yi ƒe tohehe vanɛ bene mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42