bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 20
Job 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 21 →
1
Tete Zofar, Naamatitɔ la ɖo eŋu be:
2
“Kpɔ ɖa, metsi dzodzodzoe le ɖokuinye me, eya ta maɖo nya si nègblɔ la ŋuti.
3
Èdzum ɖe nya me, eye nye nugɔmesese dɔm be maɖo eŋu.
4
Ðe mènya o be tso tìtiti esime woɖo amegbetɔ ɖe anyigba dzi la,
5
ame vɔ̃ɖi ƒe aseyetsotso le kpuie ko, eye mawumavɔ̃la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ medidina kura oa?
6
Ne ekɔ yi dzi ʋĩi, eye eƒe ta ɖatɔ alilikpowo gɔ̃ hã la,
7
ayi to ʋĩi abe eya ŋutɔ ƒe mí ene, eye ame si kpɔnɛ la biana be: ‘Eyama ɖe?’
8
Enu ayi kaba abe drɔ̃e ene, eye womagakpɔe o; abu ɖa abe zã me ŋutega ene.
9
Ame si kpɔnɛ la magakpɔe o, eye eƒemetɔwo hã magakpɔe o.
10
Viawo adi nyui na ame dahewo, eye woagbugbɔ eƒe kesinɔnuwo ana wo.
11
Togbɔ be ɖekakpuime ŋusẽ gale eŋu hã la, aku, woaɖii kplii ɖe ke me.”
12
“Ne nuvɔ̃ɖiwɔwɔ le vivim le nu me nɛ abe anyitsi ene, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,
13
lée ɖe nu me, gbe asiɖeɖe le eŋu, wòle ve me ke nɛ le vivim nɛ hã la,
14
nuɖuɖua atrɔ zu ƒli ƒe aɖi ɖe dɔme nɛ.
15
Emi amewo ƒe kesinɔnuwo, eye wòle nɛ be wòadzɔ wo. Mawu aɖe wo tso eƒe dɔ me.
16
Ƒli ƒe aɖi wòno, eye dzakpata ƒe aɖie awui.
17
Makpɔ gome le anyitsi kple notsi tòto siwo le tsatsam abe tɔsisi kple tɔʋu ene la me o.
18
Agbugbɔ nu si wòku kutri kpɔ la ana, eye mamii o. Viɖe si wòkpɔ le asitsatsa me mado dzidzɔ nɛ o.
19
Elabe egbã ame dahewo hegblẽ wo ɖi; exɔ xɔ si metu o la sesẽe.
20
Esi mele ƒo ɖim o ta la, mate ŋu adzra eƒe kesinɔnu aɖeke ɖo o.
21
Le eƒe nu tsu ɖuɖu ta, naneke masusɔ o eya ta nu madze edzi nɛ didie o.
22
Ne nunɔamesiwo le esi fũu hã, anye nublanuitɔ, eye hiã akae.
23
Esime wòle didim be yeaɖi ƒo zã la, Mawu atrɔ dziku helihelĩ akɔ ɖi nɛ wòaɖu.
24
Ne esí le ga yibɔ lãnu nu la, akɔbliŋutrɔ aƒo ɖee.
25
Aŋutrɔ la aŋɔ eƒe vevegoe. Ahee doe tso eƒe lã me. Enu ada dzo wòakpɔ, eye ŋɔdzi alée.
26
Blukɔ ado ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi. Dzo si amegbetɔ meƒlɔ ɖo o la afiãe, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si susɔ ɖe eƒeme la keŋkeŋ.
27
Dziƒowo aklo nu le eƒe vodada dzi. Anyigba atso ɖe eŋu.
28
Mawu ƒe dɔmedzoe alɔ agblemenuku siwo wòxa ɖe aƒeme la adzoe.
29
Esia nye ame vlo ƒe gome tso Mawu gbɔ. Enye domenyinu si Mawu ɖo ɖi nɛ.” ɛ.”
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42