bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 12
Job 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 13 →
1
Azɔ Hiob ɖo eŋu be:
2
“Ðikeke aɖeke mele me o, miawoe nye ameawo. Ne mieku ko nunya hã ku.
3
Nye hã mesea nu gɔme abe miawo ke ene. Nyemedzɔ lã wu mi o. Ame kae menya nu le nya siwo gblɔm miele la ŋu o?
4
Azɔ mezu alɔmeɖenu na xɔ̃nyewo gɔ̃ hã. Evɔ la, nyee yɔa Mawu, wòtɔna hafi. Nye, ame dzɔdzɔe, mawuvɔ̃la, nyee va ɖi kokoe azɔ!
5
Ame si le dedie la, eyae dina be yeaɖe alɔ me le dzɔgbevɔ̃etɔ ŋu, eye yeatu asi ame si ɖiɖi la aƒu anyi.
6
Adzoblasuwo ƒe aƒe ŋu fa, ame siwo doa dziku na Mawu la le dedie; woƒe ŋusẽ zu mawu na wo.”
7
“Ke bia lãwo, ne woafia nu wò, bia dziƒoxewo ne woagblɔe na wò.
8
Ƒo nu kple atiwo ne woafia nu wò, eye nàbia ƒumelãwo hã ne woato nya na wò.
9
Wo dometɔ kae menya be Aƒetɔ ŋutɔ ƒe asie wɔ nu sia oa?
10
Eya si mee nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe agbe le; nenema ke amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe gbɔgbɔ hã le esi me.
11
Ðe to mesea nya kpɔna abe ale si aɖe ɖɔa nu kpɔnae ene oa?
12
Nunya le ame tsitsi si, eye nugɔmesese le ƒè geɖee xɔxɔ me.”
13
“Ke Mawu ya la, nunya kple ŋusẽ le esi, hekpe ɖe adaŋudede kple nugɔmesese ŋuti.
14
Kpɔ ɖa, ne egbã nu la, womegatunɛ o. Ne ede ame xɔ la, womeʋunɛ o.
15
Ne exe mɔ na tsi la, ku ɖina. Ne eɖe asi le eŋu la, tsi ɖɔna ɖea nu.
16
Eya ko si me ŋusẽ kple nunya le; ameblela kple ame si woble la siaa nye etɔ.
17
Eɖea ama adaŋumegãwo, eye wònana be ʋɔnudrɔ̃lawo tsia bome.
18
Eɖea ga fiawo, eye wòsaa avɔ ɖe ali na wo.
19
Eɖea aboyo nunɔlawo amamae, eye wòɖea zikpui le ŋusẽtɔwo te.
20
Exɔa gbe le ameɖoŋuɖeŋuawo si, eye wòxɔa sidzedze le ame tsitsiwo si.
21
Edoa vlo amegãwo, eye wòxɔa ŋusẽ le kalẽtɔwo si.
22
Eɖea viviti me globoƒewo ɖe go, eye wòhea viviti tsiɖitsiɖi vaa kekeli nui.
23
Mawu nana be dukɔwo dea ŋgɔ; ke eyae gatsrɔ̃a wo. Enana be dukɔwo kekea ta, ke eya kee gakplɔa wo dzonae.
24
Exɔa nunya le anyigba dzi fiawo si, eye wònana be wotsaa tsa glãla le gbedadaƒo.
25
Kekeli manɔ anyi ta, wotsaa asi blukɔ me, eye woɖea afɔ abe ahanomunɔ ene.”
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42