bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 11
Job 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 12 →
1
Tete Zofar, Naamatitɔ xɔ edzi be:
2
“Ðe ame awɔ nya alea gbegbe womaɖo eŋu nɛ oa? Alo ɖe woatso afia na nu kpoloe ƒolaa?
3
Ðe wò adegbeƒoƒo ana amewo nazi ɖoɖoea? Ne èɖu fewu le ame ŋu la, ɖe womado ŋukpe wò oa?
4
Wò la, èle gbɔgblɔm be: ‘Nye nufiafiae nye nyateƒea; medza le Mawu ŋkume.’
5
O, ne Mawu ɖe wòalɔ̃ ake nu, aƒo nu na wò la, anyo kpem.
6
Aɖe nunya ƒe nuɣaɣla siwo me goglo la afia wò. Ekema ànyae be Mawu mehea to na wò ɖe wò vodadawo nu o.”
7
“Ðe nàte ŋu adi Mawu ƒe nu goglowo me ake ɖe wo ŋua? Ðe nàte ŋu adi Ŋusẽkatãtɔ la ƒe seɖoƒe, ake ɖe eŋua?
8
Ekɔ gbɔ dziƒo ŋu; nu ka nàte ŋu awɔ? Egoglo wu tsiẽƒe; nu ka àte ŋu nya le eŋu?
9
Edidi wu anyigba; ekeke wu atsiaƒu.
10
Ne eva tso eme yi, alo lé ame de gaxɔ me, alo yɔ ʋɔnu la, ame ka axe mɔ nɛ?
11
Elabe enya ame maɖinuwo. Ne wòkpɔ nuvɔ̃ la, ɖe mabu eŋu oa?
12
Ke abunɛtɔ ase nu gɔme ne wodzi gbetedzivi wònye ame.”
13
“Wò la, ne ètrɔ dzime la, àke wò abɔwo me ado ɖe egbɔ ado gbe ɖa nɛ.
14
Ne nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le asiwò me la, tsɔe ƒu gbe ɖe adzɔge ke. Mègana ŋutasesẽ nanɔ aƒewò me o.
15
Ekema àtsɔ dzideƒo awu mo dzi, mokaka manɔmee. Ekema ànɔ te sesĩe, eye màvɔ̃ o.
16
Àŋlɔ wò fukpekpewo be be woanɔ na wò abe tsi si sí va yi xoxo la ene.
17
Wò agbenɔnɔ aklẽ wu ŋdɔ kutsu, eye eme viviti anɔ, abe ŋdikekeli ene.
18
Dzideƒo aɖo asiwò, elabe mɔkpɔkpɔ li. Mawu akpɔ tawò, eye àgbɔ ɖe eme le dziɖeɖi me.
19
Àmlɔ anyi ame aɖeke mava ɖi ɖe wò o. Ame geɖewo adi be nàve yewo nu.
20
Ke ame vɔ̃ɖiwo ya la, nu ate woƒe ŋku ŋu; sítoƒewo katã labu ɖe wo, eye woƒe mɔkpɔkpɔ koe nye be woagbɔ ya mamlɛa ko, aku.”
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42