bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 37
Job 37
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 38 →
1
“Esia na nye dzi lã kpo, ge dze dɔme nam.
2
Aléle! Mise Mawu ƒe gbeɖeɖe ɖa! Mise ale si wòle bublum la ɖa.
3
Eɖea asi le dzikedzo ŋu ɖona ɖe dziƒo bliboa te, eye wòdea anyigba ƒe mlɔea nu ke.
4
Eyome Mawu ƒe gbe ɖina sesĩe. Ebluna kple eƒe fiagbe la, eye ne eƒe gbe ɖi la, megaxea mɔ na dzikedzo o.
5
Mawu bluna nukutɔe. Ewɔa nu gãwo siwo gɔme míesena o.
6
Eɖe gbe na tsikpe be: ‘Dza ɖe anyigba dzi!’, eye wòɖe gbe na tsidzadza be: ‘Ðuɖu yoo!’
7
Enana be amewo dea asi asitɛ me ɖi, bene amewo katã nadze si eƒe nuwɔwɔ.
8
Ɣe ma ɣi la, gbemelã hã yia eƒe beɖoƒe, eye wòɖagbɔna ɖe eme le emlɔƒe.
9
Yali dona tso eƒe xɔgãme, eye vuvɔ dona tso ya si kakaa nu la nu.
10
Mawu ƒe ƒuƒue nana be tsi blana, eye tɔ gãwo zua kpe.
11
Mawu tsɔa tsi doa agba na alilikpo, eye eƒe dzikedzo kakaa wo me.
12
Etrɔna ƒoa xlã godoo le eƒe kpɔkplɔ te, eye wòwɔa Mawu ƒe ɖoɖo dzi le afi sia afi le xexea me.
13
Enana be esia vaa eme, ne wòatsɔe ahe to na anyigba dzi nɔlawo loo, alo ne wòawɔ dɔmenyo na woe.”
14
“Hiob, see ɖa! Zi ɖoɖoe, nàbu tame le Mawu ƒe nukunuwo ŋu.
15
Ènya ale si Mawu ɖea gbe na eƒe alilikpowo, eye wònana be dzi kea dzo tso wo mea?
16
Ðe nènya ale si alilikpowo wɔna saa agba le ya me, si ɖea nunyatɔ ŋutɔŋutɔ la ƒe nukunuwɔwɔ fianaa?
17
Wò ame si ne anyigbemeya na xexeme lé ya keŋ, eye wò awuwo xɔ dzo ɖe ŋuwò la,
18
ɖe nàte ŋu ahe dziŋgɔli me dranyii, wòaɖi ahũhɔ̃e si wolólo la abe Mawu enea?
19
To nya si míagblɔ na Mawu la na mí! Míenya nya aɖeke agblɔ o; míaƒe susu me do viviti.
20
Ðee woaɖagblɔ nɛ be medi be maƒo nua? Ne ame aɖe katsa ƒo nu la, ɖeko wòatsrɔ̃ enumake.
21
Ne ya ƒo alilikpowo ɖa la, kekeli si dona la nu sẽna ale gbegbe be ame metea ŋu kpɔnɛ o.
22
Sikatsyɔ̃ tso dzigbeme gbɔna; fianyenye dziŋɔ le Mawu ŋu.
23
Ŋusẽkatãtɔ la, míate ŋu ake ɖe eŋu o; eƒe ŋusẽ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ tri akɔ. Metrɔna le nu dzɔdzɔe wɔwɔ yome gbeɖe o. Metea ame aɖeke ɖe to o.
24
Eya ta, amegbetɔwo, mivɔ̃e! Mekpɔa ame siwo bua wo ɖokui nunyalawoe la ɖe naneke me o.”
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 38 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42