bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 5
Job 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 6 →
1
“Hiob, yɔ ame kpɔ! Ðe ame aɖe atɔ na wòa? Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo wòaxɔ na wò?
2
Nyateƒee, dzikudodo wua bometsila, eye ŋuʋaʋã wua abunɛtɔ.
3
Mekpɔ bometsila aɖe le kè ƒom ɖe to; ke meƒo fi de enɔƒe enumake.
4
Viawo mele dedie kura o; wowɔa funyafunya wo le dutakpeƒe, eye xɔnametɔ aɖeke meli na wo o.
5
Dɔwuitɔwo ɖua eƒe agblemenukuwo; woɖea wo tso ŋuwo me ke gɔ̃ hã, eye tsikɔwuiawo haa eƒe kesinɔnuwo.
6
Fukpekpe memiena tso ke me o, eye fuɖename medona tso anyigba me o.
7
Ke boŋ fu mee wodzi gbetɔ ɖo, abe ale si dzoxi dzona yia dzi ene.”
8
“Nenye nyee la, ɖe matrɔ ɖe Mawu ŋu aɖe nye nyawo nɛ.
9
Ame si wɔa nu dzɔtsu siwo me ame mate ŋu adzro o, eye eƒe nukunuwo mele xexlẽme o.
10
Enana be tsi dzana ɖe anyigba dzi, eye wòɖoa tsi ɖe agblewo me.
11
Ekɔa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi, eye wòfaa akɔ na konyifalawo.
12
Egblẽa ayetɔwo ƒe nugbeɖoɖo me, be womakpɔ ta nɛ o.
13
Eléa nunyalawo ne wole woƒe ayemenu wɔm, eye wòtsia ayedzelawo ƒe ɖoɖo vɔ̃wo nu alɔtsɔtsɔe.
14
Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me, eye wotsaa asi ya me ŋdɔkutsu abe zã me wole ene.
15
Ke eɖea tsyɔ̃eviwo tso woƒe nu me kple hiãtɔwo tso ŋusẽtɔ si me.
16
Ale mɔkpɔkpɔ li na ame gblɔe, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe nu ku.”
17
“Kpɔ ɖa, woyra ame si Mawu hea to na; eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.
18
Elabe edea abi ame ŋu, ke eblanɛ nɛ. Eƒoa ame kple asi; ke asia kee yɔa dɔ.
19
Aɖe wò le fukpekpe me zigbɔzi ade sɔŋ, eye adrẽlia me hã, nu vevi aɖeke mawɔ wò o.
20
Ne dɔ to la, aɖe wò tso ku si me. Ne aʋa dzɔ la, aɖe wò le yi ƒe ŋusẽ nu.
21
Mana woagblɔ nya aƒo ɖi wò o. Ne nu le gbegblẽm la, màvɔ̃ o.
22
Àko tsɔtsrɔ̃ kple dɔwuame, eye màvɔ̃ lã wɔadãwo o.
23
Kpewo manɔ wò agble me o, eye lã wɔadãwo adze xɔlɔ̃ wò.
24
Ekema ànɔ wò agbadɔ me aɖe dzi ɖi; ne èxlẽ wò alẽwo la, wo katã anɔ dedie.
25
Viwòwo hã asɔ gbɔ fũu; woanɔ abe gbe siwo le wɔwɔm le afi sia afi ene.
26
Àtsi ŋutɔ hafi ayi yɔ me, abe ale si lu tsina woblana vaa aƒee le nuŋeɣi ene.
27
Kpɔ ɖa, Hiob, ɖe míelé ŋku ɖe nu sia ŋu tsitotsito kpɔ be ele eme nyateƒe. See, eye nànyae le wò nyonyo ta.” ta.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42