bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 13
Job 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 14 →
1
“Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ mekpɔ nu siawo katã kple ŋku, nye to hã se wo keŋ, eye mese wo gɔme.”
2
“Nu si mienya la, nye hã menyae. Nyemele mia te o.
3
Ke medi be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la. Edzrom be mahe nya kple Mawu.
4
Miawo la, aʋatso dzi dem miele. Alakpadɔyɔlawo mienye.
5
O, ne ɖe miazi ɖoɖoe kpoo la, anye ne azu nunya na mi.
6
Azɔ la, miɖo to ne maɖe ɖokuinye nu, eye maʋli ɖokuinye ta.
7
Ðe miebe yewoatsɔ aʋatso aʋli Mawu ta, eye yewoada alakpa aɖe enua?
8
Ðe miedi be yewoade edzia? Alo ɖe miedi be yewoaʋli nya ɖe Mawu nua?
9
Anyo be wòadzro mia me kpɔ tsitotsitoa? Alo ɖe miele eflum abe ale si woflua gbetɔ enea?
10
Ne miede ame dzi le vivime la, ahe nya ɖe mia ŋu godoo.
11
Ðe eƒe fianyenye mado ŋɔdzi na mi, eye vɔvɔ̃ si le eŋu la mana miadzo nyànyanya oa?
12
Miaƒe xotutuwo le abe dzowɔ ko ene, mia ɖokuitaʋiʋli le ko abe tsu ene.”
13
“Mizi ɖoɖoe; miɖe asi le ŋunye ne maƒo nu, ne nu si adzɔ ɖe dzinye la, nadzɔ!
14
Nenye kue hã, maku faa.
15
Kpɔ ɖa, ele wu ye ge; mɔkpɔkpɔ aɖeke mele asinye o. Ke maʋli ɖokuinye ta le eya ŋutɔ ŋkume.
16
Ðewohĩ dzideƒo sia axɔm ɖe agbe elabe mawumavɔ̃la aɖeke medona ɖe eŋkume o.
17
Miɖo to ne miase nye nyawo nyuie, eye mialé to ɖe nye nyameɖeɖe ŋu!
18
Kpɔ ɖa, medzra ɖo nyuie be mato nye nya, elabe menya be tɔnyee adzɔ.
19
Ame kae li, aʋli nya kplim? Ne ɖe li la, mazi ɖoɖoe, aku gɔ̃.
20
Wɔ nu eve dzaa ko nam, ekema nyemaɣla ɖokuinye le ŋkuwò me o:
21
Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye, eye mègana ŋɔdzi si le ŋuwò la nado vɔvɔ̃ nam o.
22
Ekema yɔm, eye matɔ na wò. Alo nye, maƒo nu ne wò, nàɖo eŋu nam.
23
Vo nenie meda? Nye nuvɔ̃wo ƒe xexlẽme ɖe? Na manya nye dzidada kple nye nuvɔ̃wo.
24
Nu ka ta nèɣla wò mo ɖem, eye nèbum wò futɔe?
25
Ðe nàdo ŋɔdzi na nye, si nye aŋgba si ya lɔ ɖe nua? Ɖe nàkplɔ nye, si nye gbe ƒuƒu ko la ɖoa?
26
Elabe èŋlɔ nutsotso sesẽwo ɖi ɖe ŋunye, eye nèna mele fu kpem ɖe nye ɖevime vodadawo ta.
27
Ède nye afɔ atikpofɔblanu me, wò ŋku le nye afɔtoƒewo katã ŋu, eye nèɖo seɖoƒe na nye afɔɖoƒe ɖe sia ɖe.
28
Gbetɔ nyunyɔ ko abe nu vóvo ene, abe avɔ si agbagblaʋui ɖu la ene.”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42