bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 21
Job 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 22 →
1
Tete Hiob ɖo eŋu be:
2
“O, miɖo to miase nye nya dzro; eya koe nye akɔfafa dim mele tso mia gbɔ.
3
Migbɔ dzi ɖi nam ne maƒo nu, eye ne meƒo nu vɔ hã, miaɖe alɔ me le ŋunye faa.
4
Amegbetɔ nu tsom melea? Nu ka ta nyematsi dzi o? Nu ka ta maɖe dzi ɖi?
5
Mitrɔ kpɔm ɖa! Miaƒe nu aku, eye gbɔgblɔ abu ɖe mi.
6
Hm, ne mebu nu si dzɔ ɖe dzinye ŋu la, metɔtɔna, eye medzona nyànyanya.
7
Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe, va kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?
8
Wonɔa agbe, wo viwo lia ke le wo gbɔ, eye wokpɔa woƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã.
9
Wonɔa woƒe aƒewo me dedie, womevɔ̃na o, eye Mawu mehea to na wo kple eƒe ameƒoti o.
10
Woƒe nyitsu yɔa asi woƒe nyinɔ, doa fu. Woƒe nyinɔ fɔa fu dzina, fu megena le wo ƒo o.
11
Woɖea asi le wo viwo ŋu wodoa go abe alẽha ene, eye wo viwo ɖua ɣe.
12
Wodzia ha ɖe gakogoe kple gakasaŋku ŋu, eye wodzɔa dzi ɖe dze ƒe ɖiɖi ŋu.
13
Woƒe ŋkekewo yɔ fũu kple nunyoname, eye kasia ko, wodzo yi tsiẽƒe.
14
Wogblɔna na Mawu be: ‘Te ɖa le mía gbɔ! Mímedi be míanya naneke le wò mɔwo ŋu o.
15
Ame kae Ŋusẽkatãtɔ la nye be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’
16
Kpɔ ɖa, ɖe woƒe dzidzedzekpɔkpɔ metso woawo ŋutɔ gbɔ oa? Ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede te ɖa sãa tso gbɔnye.
17
“Ðe ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi metsina enuenu oa? Ðe dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe wo dzi oa? Ðe Mawu medoa dziku ɖe wo ŋu, eye wònana be wokpea fu oa?
18
Ðe ame vɔ̃ɖiwo mele abe gbe ƒuƒu si ya lɔna ɖe nu ene oa? Ðe womele abe tsro si ahom kplɔna dzonae ene oa?
19
Àgblɔ be: ‘Mawu lia kɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuvɔ̃wo ɖi na wo viwo.’ Ao! Neɖo eteƒe na woawo ŋutɔ bene woanya ale si wòle.
20
Ame vɔ̃ɖiwo nekpɔ woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃ kple ŋku. Woawo ŋutɔ neno Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe helihelĩ la.
21
Ne woƒe ŋkeke de woku la, ɖe wogatsɔa ɖe le woƒe aƒemenyawo mea?
22
Mawu, ame si drɔ̃a ʋɔnu dziƒotɔwo gɔ̃ hã la, ɖe ame aɖe afia nunya eyama?
23
Ame aɖe ku, esi nu dze edzi nɛ, wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, le dedie.
24
Ekpɔ lã me, eye eƒe ƒutomemi bɔbɔ.
25
Ame bubu ya kpe fu geɖe, eye mese vivi aɖeke le agbe me kpɔ hafi ku o.
26
Ke wo kple eve la siaa mlɔ ke me sɔsɔe, nyéwo tsyɔ wo dzi abe avɔ ene.”
27
“Kpɔ ɖa, menya miaƒe susu kple aɖaŋu vɔ̃ siwo mieɖo ɖe ŋunye la.
28
Elabe miebia be: ‘Afi ka amegã ƒe aƒe le? Agbadɔ si me ame vɔ̃ɖi la nɔ la ɖe?’
29
Ðe miebia nya aɖeke mɔzɔlawo se kpɔ oa? Womegblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ na mi kpɔ oa?
30
Womegblɔ be le dzɔgbevɔ̃e gbe la, wotoa ame vɔ̃ɖi ŋuti dzaa, eye woxɔna nɛ le dɔmedzoedogbe oa?
31
Ame ka doa dzi gblɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu siwo wòwɔna la nɛ, ŋkume kple ŋkume, eye ame ka hãe hea to nɛ ɖe vɔ̃ si wòwɔ la ta?
32
Ne wokɔe yi do gbɔ la, wodzɔa yɔdo la ŋu.
33
Anyikɔwo vivia enu, amewo dzea eyome. Ame siwo dze eŋgɔ la mele xexlẽme o.
34
Ne ele alea ɖe, ale ke miafa akɔ nam kple miaƒe nya dzodzro siawo? Miaƒe ŋuɖoɖowo katã nye alakpa.”
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42