bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Job 39
Job 39
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 40 →
1
“Ènya agamegbɔ̃ewo ƒe vidziɣia?
2
Àte ŋu xlẽ ɣleti si nu fu nɔa wo ƒoa? Ènya ɣe si ɣi wodzia via?
3
Ènya ɣe si ɣi wodzea klo, ɖiɖia wo viawo ɖe anyi ko hevonaa?
4
Ŋusẽ ɖoa wo viawo ŋu, eye wotsina ɖe dzi le gbedzi; wodzóna, eye womegatrɔna vaa wo nɔ gbɔ o.”
5
“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi be neyi afi si wòlɔ̃? Ame kae tu ka gbetedzi afɔɖablɛ,
6
si metsɔ gbegbe na be wòanye eƒeme eye metsɔ dzeteƒe na be wòanye enɔƒe la?
7
Hoowɔwɔ si le du gã me ɖia kokoe nɛ; mesea ekplɔla ƒe ɣlidodo aɖeke o.
8
Eƒe gbeɖuƒe nye towo dzi afi siwo wòtsana le la, eye gbe mumu ɖe sia ɖe ƒomevi ko wòtia mɔ na.”
9
“Tò lɔ̃ be yeasubɔ wòa? Atsi wò lãkpo me adɔa?
10
Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔmɔ̀ ŋu alo ana wòanɔ anyigba gudum le yowòme le baliwo mea?
11
Ðe nàɖo ŋu ɖe eŋu, eye nàgblẽ wò dɔ ɖe esi me esi ŋusẽ kako le eŋu ŋutɔ taa?
12
Ðe nàɖo dzi ɖe eŋu wòatrɔ aɖatsɔ wò agblemenukuwo ava wò nukugbɔƒe na wòa?”
13
“Tsatsaboli nɔ ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa gake lɔlɔ̃ mele eƒe aʋalawo me na viawo o,
14
elabe eɖaa azi ɖe anyigba be ke dzodzo naƒo wo.
15
Eŋlɔ be be ame aɖo afɔ wo dzi alo gbemelã aɖe azɔ wo dzi.
16
Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye etɔwo wonye o ene. Ne eƒe agbagbadzedze zu dzodzro hã la, metsɔ ɖeke le eme o.
17
Elabe Mawu na wòŋlɔ nunya be, eye wòte nugɔmesesee.
18
Gake ne ekɔ aʋala ɖe dzi la, ekoa sɔ kple sɔdola.”
19
“Wòe na ŋusẽ sɔa? Wòe tsɔ kɔdza ɖo atsyɔ̃ nɛa?
20
Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi enea? Ne eʋlũ ŋɔti me nèse la, vɔvɔ̃ alé wò.
21
Etsɔa afɔ kaa anyigba kple ŋusẽ, le bali me, eye eƒe ŋusẽ doa dzidzɔ nɛ; elũna ɖe aʋawɔnuwo dzi vɔvɔ̃ manɔmee.
22
Edoa vlo vɔvɔ̃, dzika metsoa eƒo o, eye metrɔa megbe dea yi o.
23
Daku, akplɔ si le dzo dam la kple hlo le wo nɔewo dzem le exa.
24
Edze agbo le du dzi hele anyigba kam do ɖe megbe kple adã; esi kpẽ nya ɖi ko la, magate ŋu atsi tsitre ɖi o.
25
Ne aʋakpẽa ɖi la, egblɔna be: ‘Ahã! Eɖo edzi!’ Esea aʋakpekpe la, aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli ƒe ya tso adzɔge ke.”
26
“Wò nunyae naa aʋako saa agba yia dzi ʋĩi, eye wòkekea eƒe aʋala me ɖoa ta anyigbemea?
27
Wòe ɖea gbe na hɔ̃ hafi wòdzòna yia dzi ʋĩi ɖawɔa atɔ ɖe kɔkɔƒe kea?
28
Agakpewo dzie wònɔna, eye wòwɔa atɔ ɖe agakpewo to kple towo ƒe tsutsɔẽƒe.
29
Afi ma ke wònɔna tsoa ŋku na eƒe nuɖuɖu. Ekpɔa nu le didiƒe ke.
30
Ʋu viawo nona. Ẽ, afi si wowu ame ɖo la, afi ma wònɔna.”
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 40 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42